Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 12:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Nukaŋuti nèdo vlo Yehowa ƒe gbe hewɔ nu vɔ̃ɖi sia le eƒe ŋku me? Ewu Uriya, Xititɔ la, kple yi, eye nèxɔ srɔ̃a ɖe; ke ètsɔ Amon-viwo ƒe yi wu eya ŋu tɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Ke nu ka ta nèdo vlo Yehowa ƒe sewo eye nèwɔ nu vɔ̃ɖi sia ɖo? Èwu Uria, Hititɔ eye nèxɔ srɔ̃a!

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 12:9
23 Referans Kwoze  

Nukaŋuti meɖo to Yehowa ƒe gbe o; edze aboyonuwo dzi, eye nèwɔ nu vlo le Yehowa ŋku me?


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Yuda ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena wogbe Yehowa ƒe se, eye womelé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi o, ke boŋ wona woƒe alakpalegba, siwo yome wo fofowo dze la, kplɔ wo trae.


ke ne ewo nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye meɖo to nye gbe o la, ekema nyuie, si megblɔ be, mawo nɛ la, avem.


Etsɔ míaƒe vodadawo ɖo wò ŋku me, kple míaƒe nu ɣaɣlawo ɖo wò mo ƒe kekeli nu.


Elabena tosesẽ enye afakaka ƒe nuvɔ̃, eye tamesesẽ enye legbawo kple aklama kpakpɛwo subɔsubɔ. Esi negbe Yehowa ƒe gbe la, eyata eya hã gbe wò be, magaɖu fia o.


Eyata woƒe ke azu nu nyunyɔ abe ahɔ̃liti takpoe, si dzo ƒe aɖe fiã, kple gbe ƒuƒu, si nye afi ɖe dzo me la ene, eye woƒe seƒoƒo ami ya abe ʋuʋudedi ene, elabena wogbe Yehowa Zebaot ƒe nufiame, eye woɖe alɔme le Israel ƒe kɔkɔeto la ƒe nyawo ŋu.


Eye Dawid do ame woyi ɖakplɔe vɛ, eye esi wòva egbɔ la, ede asi eŋu. Esi nyɔnu la kpala ɖinu la le eɖokui ŋu vɔ la, etrɔ yi eƒe me.


Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye naklɔ ŋunye tso nye nuvɔ̃ me!


Eya hã na viawo to dzo me le Ben-Hinom-bali la me; esa dzo, eka afa, eye wosa akpase, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me hetsɔ do dziku ne.


Eyata yi madzo le aƒewò me gbeɖe o, le esi nèɖo vlom, eye nèxɔ Uriya Xititɔ la srɔ̃ ɖe ta.


Samuel gblɔ na Saul bena; Nyemagbugbɔ kpli wò o; elabena ègbe Yehowa ƒe gbe, eye Yehowa hã gbe wò be, magaɖu fia ɖe Israel nu o.


Eye Simei le ɖiŋu dom le gbɔgblɔm be: Dzo, dzo, wò hlɔ̃me kple ame vɔ̃ɖi!


elabena Dawid wɔ nusi nyo le Yehowa ŋku me, eye mete ɖa le se, siwo katã wòɖe nɛ la me le eƒe agbe me ŋkekewo katã me o, negbe ɖe Uriya, Xititɔ la ƒe nya me koe.


Ƒo nu kplii gblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ewu ame tso gaxɔ eƒe nu wɔ tɔwòea? Eye ƒo nu kplii gblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Afisi avũwo ɖuɖɔ Nabot fe ʋu le la, afima avũwo aɖuɖɔ wo hã wò ʋu le.


Gatsɔ wò xɔname do dzidzɔ nam, eye natsɔ gbɔgbɔ, si me lɔlɔ̃nu le le, lém ɖe asi!


Mawu, nye xɔname ƒe Mawu, ɖem tso hlɔ̃fe me, ekema nye aɖe atso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti!


Amesi vɔ̃a Yehowa la, toa mɔ dzɔdzɔe dzi; ke amesi toa mɔ gɔglɔ̃ dzi la, doa vloe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite