Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 11:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Dawid gagblɔ na Uriya bena: Yi aƒewò me, ne naklɔ afɔ! Tete Uriya do le fia ƒe me, eye fia ƒe nunana dze eyome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Emegbe la, David gblɔ na Uria be wòayi aɖagbɔ ɖe eme le eƒe aƒe me eye wòɖo nunana aɖe ɖee.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 11:8
11 Referans Kwoze  

Woaku tsi via ɖe ve, ne miaklɔ miaƒe afɔwo ŋuti; emegbe la miagbɔ ɖe eme vie,


eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!


Ke wometsyɔ nu naneke dzi, si womele ɖeɖe ge ɖe go o, eye naneke mele ɣaɣla, si womele nyanya ge o.


Eye esi wòtrɔ ɖe nyɔnua gbɔ la, egblɔ na Simon bena: Ele nyɔnu sia kpɔma? Meva aƒewò me, eye mèna tsim be, maklɔ nye afɔwo ŋuti o, ke eya la fa aɖatsi ɖe nye afɔwo dzi, eye wòtsɔ eƒe taɖa hetutu wòe.


Baba na amesiwo nɔa bebem le Yehowa ŋku me, woɣlaa woƒe adaŋudede, eye wowɔa woƒe nu le vivi me henɔa gbɔgblɔm be: Ameka le mía kpɔm, eye ameka dze si mí?


Edo asi ɖa ɖe amesiwo le ŋutifafa me kplii la ŋuti, eye wògblẽ kɔ ɖo na eƒe nubabla.


Ɖe wònye ɖe míeŋlɔ mía Mawu ƒe ŋkɔ be, eye míeke míaƒe asiwo na mawu tutɔwo la,


Yehowa, xɔ na ame, elabena mawumemewo nu tso, eye anukwaretɔwo bu le amegbetɔviwo dome!


Eye wòna womã nuɖuɖu, si le egbɔ la, na wo, ke Benyamin tɔ sɔ gbɔ wu wo katã tɔ zi atɔ̃. Emegbe la wono nu kplii, eye wokpɔ dzidzɔ.


Emegbe la ekplɔ ŋutsuawo va Yosef ƒe me, ku tsi na wo woklɔ afɔe, eye wòtsɔ gbe na woƒe tedziwo.


Eye wògblɔ bena: Oo, nye aƒetɔwo, mitrɔ va dze miaƒe dɔla gbɔ, ne míatsi adɔ, eye miaklɔ miaƒe afɔwo ŋu; etsɔ ŋdi kanya hafi miagadze miaƒe mɔ dzi. Ke woɖo ŋu ne bena: O, míatsi dugbɔdzi le ablɔ me adɔ boŋ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite