Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 10:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke Aramtɔwo si le Israel nu, eve Dawid wu tasiaɖam me nɔlawo alafa adre kple sɔdola akpe blane le Aramtɔwo dome, eye wòde abi woƒe aʋafia Sobax ŋu woku de afima.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Ke Aramtɔwo gasi le Israelviwo nu. David wu Aramtɔwo ƒe sɔdola alafa adre (700) kple afɔzɔla akpe blaene (40,000). Ede abi woƒe aʋafia, Sobak hã ŋu wòku le afi ma.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 10:18
10 Referans Kwoze  

Ke Aramtɔwo si le Israel nu, eye Dawid wu tasiaɖam ŋu sɔ akpe adre kple afɔzɔla akpe blane le Aramtɔwo dome, eye wowu aʋafia Sofax hã


Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi!


Meli nye futɔwo yome ɖatu wo, eye nyemetrɔ o, vaseɖe esime metsrɔ̃ wo vɔ.


Dawid lé sɔdola akpe ɖeka kple alafa adre kpakple afɔzɔla akpe blave, eye Dawid du ata na so, siwo katã wotsi ɖe tasiaɖamwo ŋu la, negbe sɔ alafa ɖeka ko wõkpɔtɔ ɖi.


Eɖo asi ɖa tsɔ tsyoti, eye wòlé gbeɖe ƒe zũ ɖe ɖusi; eda zũ ɖe Sisera ƒe ta dzi, eye wòfe eƒe tonu ŋɔe wòɖi go ɖe egodo.


Esi Barak ti Sisera yome la, Yael do go va kpee, eye wògblɔ nɛ bena: Va, ne mafia amesi ɖim nèle la wò! Esi wòyi la, ekpa Sisera ku ɖi, eye tsyoti ƒo ɖe tonu nɛ.


Eyata Yehowa tso wo dzra na Kanaan-fia Yabin, amesi ɖu dzi le Xazor; eƒe aʋafia nye Sisera, amesi nɔ Xaroset-Goyim.


Esi wova gblɔe na Dawid la, eƒo Israel blibo la nu ƒu, eye wotso Yordan heva Xelam. Eye Aramtɔwo dze aʋa ɖe Dawid ŋu hewɔ aʋa kplii.


esime Dawid si wo; eye wòƒo ŋutsuwo nu ƒu de eɖokui ŋu hezu adzohawo ƒe kplɔla, eye wòyi ɖanɔ Damasko, eye woɖu fia le Damasko.


Mawu tso, eƒe futɔwo ka hlẽ, eye eƒe ketɔwo si le eŋku me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite