Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 1:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Tete mete ɖe eŋu hewui, elabena menyae be, anyi, si wòdze la, menye agbenɔtɔe o; eye meɖe ŋgoblanu la le eta kple abɔga le eƒe abɔ hetsɔ va afi na nye aƒetɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 “Ale mete ɖe eŋu hewui elabena menyae be ale si wòdze anyii la, maganɔ agbe o. Meɖe fiakuku la le ta nɛ kple abɔga si wòdo eye metsɔ wo va afii na nye aƒetɔ.”

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 1:10
10 Referans Kwoze  

Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃, si miedrɔ̃ la, eya ke woatso adrɔ̃ ʋɔnu mi; eye dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.


Enumake wòyɔ eƒe adekplɔvi gblɔ ne bena: Di wò yi, ne natrɔm ɖo, ne womagagblɔ ɖe ŋunye be, nyɔnue wui o! Tete eƒe adekplɔvi da nui wòku.


Tete wòkplɔ fiavi la do goe hetsɔ fiakuku la ɖɔ ne, eye wotsɔ se la de asi nɛ, eye wòɖoe fia hesi ami nɛ; tete woƒu akpe hedo ɣli bena: Fia nenɔ agbe!


Míaƒe fiakuku ge le mía ta. Baba na mí be, míewɔ nuvɔ̃!


Eye wòɖe fiakuku la le woƒe fia ta; eƒe kpekpeme le sika talento ɖeka, eye kpe xɔasi le eŋu, eye Dawid tsɔe ɖɔ. Aboyonu, siwo wotsɔ tso dua me gbɔe la, sɔ gbɔ ŋutɔ.


Tete fia la gblɔ na Doeg bena: Wòa te yi, ne nada nu nunɔlawo! Enumake Edomtɔ Doeg te yi heda nu nunɔlawo, eye wowu ŋutsu blanyi va atɔ, siwo do aklalakɔmewuwo la gbemagbe.


Tete Adoni-Bezek gblɔ bena: Fia blaadre, siwo wolã asidegblefetsuwo kple afɔdegblefetsuwo na la, faa nu wuwlui le nye kplɔ te ɖuna; alesi mewo la, eya teƒe Mawu ɖo teƒe nam. Eye wokplɔe yi Yerusalem, afisi woku ɖo.


Eye wògblɔ nam bena: Te ɖe ŋunye, ne nawum, elabena ŋuzi le tsɔyem, eye agbe gale menye ko.


Eye Dawid gblɔ nɛ bena: Wò ʋu anɔ wò ta dzi! Elabena wò ŋutɔ wò nue ɖi ɖase le ɖokuiwò ŋu gblɔ bena: Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite