Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 9:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye Farao do amewo ɖa, eye wokpɔ bena, Israel-viwo ƒe lãwo dome ɖeka hɔ̃ hã meku o. Ke Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le dukɔ la ŋuti wòyi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Farao dɔ ame ɖa be woakpɔe be Israelviwo ƒe lãwo ya tsi agbe mahã. Togbɔ be woɖi ɖase nɛ be nyateƒee hã la, metrɔ eƒe tameɖoɖo la o. Egagbe asiɖeɖe le ameawo ŋu kokoko!

Gade chapit la Kopi




2 Mose 9:7
11 Referans Kwoze  

Emegbe Yehowa gblɔ na Mose bena: Farao ƒe dzime sẽ, eye wogbe asiɖeɖe le dukɔ la ŋuti.


Eyata azɔ la ekpɔa nublanui na amesi ke wòlɔ̃na be, yeakpɔ nublanui na, eye wòsẽa dzime na amesi ke wòlɔ̃na be, yeasẽ dzime na.


Ke esi eƒe dzi do eɖokui de dzi, eye eƒe gbɔgbɔ se ta me hede asi dada me la, wotutui tso eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui la dzi, eye woxɔ bubu le esi.


Esi menyae be, wò tame sẽ, wò ʋume nye gakpɔti, eye wò ŋgonu nye akɔbli la,


Amesi woka mo na zi geɖe, ke wòsẽ la me la, agbã zi ɖeka gudugudu, eye gbedada manɔ eŋu o. Ne ame dzɔdzɔewo dzi de dzi la, dukɔ kpɔa dzidzɔ; ke ne ame vɔ̃ɖi le fia ɖum la, dukɔ dua tse.


Dzi nyanu le esi, eye eƒe ŋusẽ kako. Ameka tsi tre ɖe eŋu, eye megbe kpɔdodoe o?


Eye Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose ene.


Gake Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Emegbe Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena: Miɖe kpo me dzɔble ɖe miaƒe asiʋlowo me, eye Mose nahlẽe ɖe ya me le Farao ƒe ŋku me;


Gake menyae bena, Egipte-fia maɖe mɔ na mi miadzo o, negbe ɖeko woazi edzi hafi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite