Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 9:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke Yehowa ade vovo Israel-viwo ƒe lãwo kple Egiptetɔwo to dome, eye lã, siwo nye Israel-viwo to la, dome ɖeke maku o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Gake Yehowa ade vovo Israelviwo kple Egiptetɔwo ƒe lãhawo dome, ale be Israelviwo ƒe lã aɖeke maku o.’ ”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 9:4
10 Referans Kwoze  

Mose ɖo ŋu bena: Menyo bena, míawɔ nenema o, elabena nusi nyɔa ŋu na Egiptetɔwo la, tsɔ ge míala asa vɔ na Yehowa, mía Mawu la. Azɔ ne mietsɔ nusi nyɔa ŋu na Egiptetɔwo le woƒe ŋku me la, ɖe womaƒu kpe mí oa?


Emegbe miagakpɔ vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.


Eye ʋu, si anɔ xɔ, siwo me miele la ŋu la, ade dzesi mi; elabena ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti, eye tuwɔamea ɖeke magblẽ mi, ne meyina Egiptetɔwo wu ge o.


Amea ɖeke mete ŋu kpɔ nɔvia o, eye amea ɖeke mete ŋu dzo le enɔƒe o ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. Ke kekeli le Israel-viwo katã ƒe nɔƒewo.


Eye Yehowa ɖo ŋkeke gblɔ bena: Etsɔ Yehowa ana nu sia ava anyigba la dzi.


Esi ŋu ke la, Yehowa na wòva me. Eye Egipte-tɔwo ƒe lãwo katã ku; ke Israel-viwo ƒe lãwo dome ɖeka hã meku o.


Negbe Gosen-nyigba, si dzi Israel-viwo le ko, dzi kpetsia ɖeke mede o.


Esi dzinu etɔ̃ susɔ, ne nuŋeɣi naɖo la, mete tsidzadza mi; mena tsi dza, ɖe du ɖeka me, ke nyemena wòdza ɖe evelia me o; tsi dza ɖe agble ɖeka me; ke agble, si me tsi medza ɖo o la me ƒu kplakplakpla.


Eye made vovo nye dukɔ kple wò dukɔ dome; etsɔe dzesi sia ava me!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite