Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 9:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 ekema Yehowa ƒe asi alé wò lãha, siwo le gbedzi, eye adza sesẽa ɖe aƒo sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyiwo kple alẽwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 ekema Yehowa ƒe asi ahe dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe ava miaƒe lãha siwo le gbedzi la dzi, ava miaƒe sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyiwo kple alẽwo kple gbɔ̃wo siaa dzi.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 9:3
9 Referans Kwoze  

Ke Farao maɖo to mi o, eye mado nye asi ɖe Egiptetɔwo gbɔ, eye matsɔ ŋusẽ gã akplɔ nye amehawo, nye dukɔ Israel-viwo atso Egipte.


Eye azɔ la kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ƒe asi ava dziwò, eye wò ŋku agba, eye magakpɔ ɣe o vaseɖe ɣeyiɣia ɖe dzi. Eye enumake afu kple viviti dze edzi, eye wòle asi tsam le amesi alé eƒe alɔnu akplɔe la dim.


Eye ne miekpɔ bena, ele aƒemɔ ɖo ta Bet-Semes la, ekema eyae he dzɔgbevɔ̃e gã sia va mía dzi; ke ne mele alea o la, ekema míanyae bena, menye eƒe asie va mia dzi o, ke boŋ nua ɖe ƒomevie wɔ mí.


Eye made vovo nye dukɔ kple wò dukɔ dome; etsɔe dzesi sia ava me!


Wogblɔ bena: Hebritɔwo ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mí. Na míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe azɔli ayi gbeɖzi, ne miasa vɔ na Yehowa, mía Mawu la: ne menye nenem o la, adze mia dzi kple dɔvɔ̃ alo yi.


Ɖoɖoe zi le ŋunye, nyemeke nye nu o, elabena wòe wɔe.


Mehe dɔvɔ̃ va mia dzi abe Egipte tɔa ene; mewu miaƒe ɖekakpuiwo kple yi, woha miaƒe sɔwo, eye miaƒe, asaɖa me ʋẽ kũ ɖo ŋɔti me na mi; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!


Tete wokplɔ woƒe lãhawo ve na Yosef, eye Yosef na bli wo ɖe woƒe sɔwo, alẽhawo kple nyihawo kple tedziwo teƒe, eye wòtsɔ bli kpo wo dzi le ƒe ma me ɖe woƒe lãhawo teƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite