Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 9:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ne menye nenem o la, mala nye fuwɔamewo katã atrɔ ɖe wò ŋutɔ, ŋuwò mewo kple dukɔ la dzi, bena nanyae be, amea ɖeke mede nunye le anyigba blibo la katã dzi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Ne menye nenema o la, fifia ya la, maɖo nye dɔvɔ̃ ɖe mia dome kple ŋusẽ blibo, wòagblẽ nu le wò ŋutɔ, wò dumegãwo kple wò amewo ŋuti ale be mianyae be ame aɖeke megale anyigba blibo la dzi abe nye ene o.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 9:14
27 Referans Kwoze  

Eye wolɔ wo li kɔ gagãwoe, eye anyigba la katã dzi va ʋeʋẽ ge kũ.


Mele ɖase ɖim na amesiame, si le agbalẽ sia me nyagblɔɖilawo sem la bena, ne amea ɖe tso nane kpe ɖe nya siawo ŋuti la, ekema Mawu atsɔ fuwɔame, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la akpe ɖe eŋuti nɛ,


Eyata le ŋkeke ɖeka dzi la eƒe fukpekpewo ava edzi: Ku kple konyifafa kpakple dɔwuame, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ, elabena Aƒetɔ Mawu, amesi drɔ̃ ʋɔnui la, enye ŋusẽtɔ.


Eyata nye hã maƒo wò vevie, eye magblẽ dowòme le wò nuvɔ̃wo la.


Mana du sia nazu gbegbe kple alɔmeɖenu; amesiame, si to eŋu yina la ƒe nu aku le eƒe fuɖenamewo katã ŋu, eye wòaɖe alɔme le eŋu.


Yehowa, amea ɖeke mede nuwo o, èlolo, eye wò ŋusẽ na wò ŋkɔ lolo.


Mido ŋu nusiwo dzɔ va yi tso blema la be, nyee nye Mawu, ɖeke megali o, nyee nye Mawu, amea ɖeke mesɔ kplim o;


Amea ɖeke mede nuwo le mawuwo dome o, eye naneke mede wò dɔwɔwɔwo nu o.


Yehowa, le nusiwo katã míese kple miaƒe towo nu la, amea ɖeke mede nuwò o, eye mawua ɖeke meli kpe ɖe ŋuwò o.


eye amea ɖe alo wò dukɔ Israel blibo la dze si fuɖename, si le eƒe dzi me, eye wòdo gbe ɖa heƒo koko, eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe xɔ sia dzi la,


Eyata ètri akɔ, Yehowa Mawu, elabena amea ɖeke mede nuwò o, eye mawu bubua ɖeke mexe ɖe ŋuwò o, abe alesi míesee kple to pɛpɛpɛ ene.


Nane wɔ mí tututu! Ameka aɖe mí atso mawu ŋusẽtɔ siawo si me? Woawo nye mawu, siwo tsɔ dɔvɔ̃ geɖewo wu Egiptetɔwo le gbeɖzi!


ekema nye hã mado dɔmedzoe atsi tre ɖe mia ŋu, eye mahe to na mi ɖe dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


Gake ne miaƒe nuwɔwɔwo gatsi tre ɖe ŋunye ko, eye miegbe toɖoɖom la, ekema magaɖe fu na mi de dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


Ne nusiawo va tso, hafi miegaɖo tom o la, ekema mahe to na mi ɖe dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


Elabena mate ŋu ado nye asi ɖa atsɔ dɔvɔ̃ agblẽ wò ŋutɔ kple wò dukɔ, ale be natsrɔ̃ le anyigba la dzi xoxoxo hafi,


Yehowa, ameka de nuwo le mawuwo dome? Ameka de nuwo, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?


Oo, Aƒetɔ, Yehowa, wò ŋutɔ ede asi wò gãnyenye kple wò abɔ sesẽ fiafia me wò dɔla, elabena Mawu kae le dziƒo alo anyigba dzi ate ŋu awɔ wò dɔwɔwɔwo kple ŋusẽ-nuwɔwɔwo tɔgbe?


Ekpɔe, ne nanyae be, Yehowa enye Mawu, eye bubua ɖeke meli kpe ɖe eŋu o;


Nyee nye Yehowa, ɖeke megali o; mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o; mebia ali dzi na wò, esi mekpɔ dze sim haɖe o,


Dukɔwo ƒe fia, amekae mavɔ̃ wò o ma? Elabena wòe wòdze; elabena amea ɖeke mele dukɔwo ƒe nunyalawo katã kple woƒe fiaɖuƒewo katã dome, si le abe wò ene o.


Wonyãe le amegbetɔwo dome, eye eƒe dzi zu abe la tɔ ene, enɔ gbetedziwo gbɔ, wona gbee wòɖu abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime wòdze sii be, Mawu dziƒoʋĩtɔ la kpo ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔnɛ na.


Eɖo ŋu be: Etso! Eye wògblɔ be: Ava me, abe alesi nedi ene, bena nanyae be, amea ɖeke mede Yehowa, mia Mawu la nu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite