Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 9:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ke Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko, ale wògagbe nusese abe ale si Yehowa gblɔe na Mose da ɖi ene.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 9:12
13 Referans Kwoze  

Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ne ede Egipte la, ekema naɖo ŋku nukunu, siwo katã mede asi na wò la dzi awɔ le Farao ƒe ŋku me; ke nye la mana eƒe dzime nasẽ, bena maɖe asi le dukɔ la ŋu wòayi o.


„Egbã woƒe ŋkuwo, eye wòna woƒe dzi sẽ, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo, eye woase nu gɔme kple dzi, eye woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“


Eyata azɔ la ekpɔa nublanui na amesi ke wòlɔ̃na be, yeakpɔ nublanui na, eye wòsẽa dzime na amesi ke wòlɔ̃na be, yeasẽ dzime na.


Ke Farao maɖo to mi o, eye mado nye asi ɖe Egiptetɔwo gbɔ, eye matsɔ ŋusẽ gã akplɔ nye amehawo, nye dukɔ Israel-viwo atso Egipte.


Emegbe Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ, elabena nyee na eya ŋutɔ kple eŋu mewo ƒe dzime sẽ, bena mawɔ nye dzesi siawo le wo dome;


Ke Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le Israel-viwo ŋuti woyi o.


Eye Mose kple Aron wowɔ nukunu siawo katã le Farao ƒe ŋku me; ke Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le Israel-viwo ŋu wodzo le eƒe anyigba dzi o.


Eye Yehowa na Egipte-fia Farao ƒe dzime sẽ, ale bena wòti Israel-viwo yome; ke asi sesẽ kplɔ Israel-viwo dzoe.


Elabena Yehowa gbɔ wòtso be, woƒe dzime sẽ, eye woho aʋa ɖe Israel ŋu, ne woatsrɔ̃ wo gbidigbidi, womave wo nu o, ke boŋ woatsrɔ̃ wo, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Eye Farao do amewo ɖa, eye wokpɔ bena, Israel-viwo ƒe lãwo dome ɖeka hɔ̃ hã meku o. Ke Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le dukɔ la ŋuti wòyi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite