Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 9:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke afakalawo mete ŋu no te ɖe Mose nu o, le ƒoƒoeawo ta, elabena ƒoƒoeawo te afakalawo hã abe Egiptetɔwo katã ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Akunyawɔlawo mete ŋu tɔ ɖe Mose ŋkume o, le ƒoƒoeawo ta, elabena ƒoƒoeawo te Egiptetɔwo katã.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 9:11
8 Referans Kwoze  

Eye gbãtɔa yi, eye wòtrɔ eƒe kplu la kɔ ɖe anyigba dzi, eye ƒoƒoe vɔ̃, si vena ŋutɔ la, ƒo amesiwo ŋu lã la ƒe dzesi le kple amesiwo de ta agu na eƒe legba la.


ekema azu ʋuʋu akaka ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, eye wòatrɔ zu ƒoƒoe, siwo me dɔvɔ̃ aɖo, ɖe amewo kple lãwo siaa ŋu, le Egipte-nyigba blibo la katã dzi.


Eye woɖe kpo me dzɔble la heva tsi tre ɖe Farao ƒe ŋku me, eye Mose tsɔe hlẽ ɖe ya me; tete wòtrɔ zu ƒoƒoe, siwo me dɔvɔ̃ ɖo, ɖe amewo kple lãwo siaa ŋu.


Eye afakalawo hã tsɔ woƒe aye me nuwɔwɔwo wɔe nenema, be woahe mũwo vɛ, ke womete ŋui o. Eye mũawo nɔ amewo kple lãwo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite