Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 9:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ, eye nagblɔ ne bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ɖe asi le nye dukɔ la ŋu, bena wòaɖasubɔm!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Yehowa gblɔ na Mose be, “Trɔ nàyi Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la be nàɖe asi le yeƒe amewo ŋu woayi aɖasubɔ ye.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 9:1
7 Referans Kwoze  

Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron be: Do wo asi kple atikplɔ ɖe tɔsisiwo, tɔʋuwo kple tawo dzi, eye nahe akpɔkplɔwo ava Egipte-nyigba la dzi!


Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi. Zi nenie gɔ̃ nagbe be, yemabɔbɔ ɖokuiwò nam oa? Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!


Eyome Yehowa gblɔ na Mese bena: Yi Farao gbɔ ŋdi kanya, eye nagblɔ ne be: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!


Eye Yehowa wo nenema; tete togbato geɖe fũ va Farao ƒe aƒe kple eŋu mewo ƒe xɔwo me kpakple Egipte-nyigba blibo la dzi, eye togbatoawo gblẽ anyigba la.


Emegbe Mose kple Aron woyi dagblɔ na Farao bena: Ale Yehowa. Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi. Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòayi aɖaɖu ŋkekenyuie nam le gbedzi!


Eye ne woɖo to wò gbe la, ekema mia kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo miayi Egipte-fia gbɔ, eye miagblɔ nɛ bena: Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, ɖe eɖokui fia mí; eyata na miazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedzi, aɖamè nu na Yehowa mia Mawu la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite