Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 8:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye Yehowa wɔ, Mose ƒe nyawo dzi, eye wòɖe togbatoawo ɖa le Farao kple eŋu mewo kpakple dukɔ la dome, ale be ɖeka hã hã megasusɔ ɖi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, asa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma, abe ale si wòɖo na mí ene.”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 8:27
8 Referans Kwoze  

Eye ne woɖo to wò gbe la, ekema mia kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo miayi Egipte-fia gbɔ, eye miagblɔ nɛ bena: Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, ɖe eɖokui fia mí; eyata na miazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedzi, aɖamè nu na Yehowa mia Mawu la.


Eye wògblɔ bena: Manɔ anyi kpli wò! Eye esia anye dzesi na wo bena, nyee dɔ wò: Ne èkplɔ dukɔ la dzoe tso Egipte la, ekema miasubɔ Mawu le to sia dzi.


Eye Aron viŋutsuawo Nadab kple Abihu, tsɔ woƒe dzudzɔdosonuwo ɖe dzo ɖe me, eye woda dzudzɔdonu ɖe wo dzi, eye wotsɔ dzo bubu, si ŋu meɖe mɔ le na wo o la, va Yehowa ƒe ŋku me.


Dzra se, siwo maɖe na wò egbe la ɖo. Kpɔ ɖa, manyã Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le ŋgɔwò.


Ke míakplɔ míaƒe lãwo hã ɖe asi, afɔkli gɔ̃ hã matsi anyi o; elabena woawo ƒe ɖe tsa ge míala asubɔ Yehowa, mia Mawu lae. Mienyã nusi tso ge míala asubɔ Yehowa haɖe o, vaseɖe esime míaɖo afima hafi.


Emegbe Mose kple Aron woyi dagblɔ na Farao bena: Ale Yehowa. Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi. Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòayi aɖaɖu ŋkekenyuie nam le gbedzi!


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Wogblɔ bena: Hebritɔwo ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mí. Na míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe azɔli ayi gbeɖzi, ne miasa vɔ na Yehowa, mía Mawu la: ne menye nenem o la, adze mia dzi kple dɔvɔ̃ alo yi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite