Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 8:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron be: Tsɔ wo atikplɔ, eye naƒo ke me le anyigba dzi, ekema atrɔ zu mũwo ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ale Mose kple Aron wodzo le Farao gbɔ. Mose ɖe kuku na Yehowa le akpɔkplɔ siwo wòɖo ɖa la ŋu.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 8:12
10 Referans Kwoze  

Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mana Israel ƒe aƒe la naɖe kuku nam ɖe esia hã ta, eye mawɔe na wo: Mana woƒe amewo nasɔ gbɔ abe alẽwo ene.


Ke nede megbe xaa tso nye hã gbɔnye, be matasi kukuɖeɖe ɖe mia ta, eye magbe mɔ nyui kple mɔ dzɔdzɔe fiafia mi ahawɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu!


Ke Mose ƒo koko na Yehowa, eƒe Mawu la, gblɔ bena. Yehowa, nukaŋuti wò dɔmedzoe abi ɖe wò dukɔ, si nẽkplɔ tso Egipte-nyigba dzi kple ŋusẽ gã kpakple asi sesẽ la ŋuti mana?


Tete wòdzo le Farao gbɔ, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa.


Emegbe Mese dzo le Farao gbɔ, eye esi wòdo le dua me la, eke eƒe abɔwo me na Yehowa, tete dziɖegbe kple kpetsi la nu tso, eye tsi dzudzɔ dzadza ɖe anyigba la dzi.


Esi Mose kple Aron wodzo le Farao gbɔ la, Mose do gbe ɖa na Yehowa le akpɔkplɔ, siwo wokplɔ ƒu Farao la ŋuti.


Eye wòwɔ nenema Aron do eƒe asi kple atikplɔ ɖa, eye wòƒo ke me le anyigba dzi. Tete mũwo do ɖe amewo kple lãwo ŋu; ke, siwo katã le anyigba dzi la, trɔ zu mũwo ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi.


Eƒo nu, tete togbatowo kple mũwo va woƒe anyigba blibo la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite