Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 8:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye wolɔ wo li kɔ gagãwoe, eye anyigba la katã dzi va ʋeʋẽ ge kũ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Farao ɖo eŋu nɛ be, “Wɔe etsɔ si gbɔna.” Mose yi edzi be, “Enyo, ava eme abe ale si nègblɔ ene, ekema ànya be, ame aɖeke mede Yehowa, mía Mawu la nu o.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 8:10
21 Referans Kwoze  

Mido ŋu nusiwo dzɔ va yi tso blema la be, nyee nye Mawu, ɖeke megali o, nyee nye Mawu, amea ɖeke mesɔ kplim o;


Amea ɖeke mede nuwo le mawuwo dome o, eye naneke mede wò dɔwɔwɔwo nu o.


Yehowa, le nusiwo katã míese kple miaƒe towo nu la, amea ɖeke mede nuwò o, eye mawua ɖeke meli kpe ɖe ŋuwò o.


Eyata ètri akɔ, Yehowa Mawu, elabena amea ɖeke mede nuwò o, eye mawu bubua ɖeke mexe ɖe ŋuwò o, abe alesi míesee kple to pɛpɛpɛ ene.


Mawu ɖeke mele abe Yesurun ƒe Mawu la ene o, amesi le yiyim le dziƒo, be yeaxɔ na wò, amesi ƒe ŋutikɔkɔe le alilikpowo me.


Ne menye nenem o la, mala nye fuwɔamewo katã atrɔ ɖe wò ŋutɔ, ŋuwò mewo kple dukɔ la dzi, bena nanyae be, amea ɖeke mede nunye le anyigba blibo la katã dzi o.


Gake mienya nusi ava dzɔ etsɔ o; elabena nukae nye miaƒe agbe mahã? Elabena dzudzɔ, si dzena ɣeyiɣi kpuia ɖe, eye emegbe la megadzena o la, ke míenye.


Kɔkɔetɔ la be: Ameka ŋu miebe, yewòatsɔm aɖoe, ne masɔ kplii?


Megaƒo adegbe ɖe etsɔ, si gbɔna ŋu o, elabena mènya nuka dzi ge etsɔ ala o.


Ŋu akpe wo, eye ŋɔ adzi wo tegbee, woƒe mo atsi dã, eye woatsrɔ̃,


Dukɔwo ge dze ɖo, si woawo ŋutɔ woɖe la me, eye ɖɔ, si woɖo di la, ɖe woƒe afɔ.


Elabena woƒe agakpe mede miaƒe agakpe nu o, miaƒe futowo ŋutɔ nyenyametsolawo.


Ekpɔe, ne nanyae be, Yehowa enye Mawu, eye bubua ɖeke meli kpe ɖe eŋu o;


Yehowa, ameka de nuwo le mawuwo dome? Ameka de nuwo, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?


Mose ɖo ŋu nɛ bena: Ne menya do le dua me ko la, make nye abɔwo me na Yehowa, bena dziɖegbe la nu natso, eye kpetsia nadzudzɔ dzadza, ne nanyae be, Yehowa ta enye anyigba la.


Eye Yehowa wɔ Mose ƒe nya la dzi, eye akpɔkplɔ, siwo le aƒewo me, xɔxɔnuwo kple agblewo me la, ku.


Oo, Aƒetɔ, Yehowa, wò ŋutɔ ede asi wò gãnyenye kple wò abɔ sesẽ fiafia me wò dɔla, elabena Mawu kae le dziƒo alo anyigba dzi ate ŋu awɔ wò dɔwɔwɔwo kple ŋusẽ-nuwɔwɔwo tɔgbe?


Eyata nyae egbea, eye wòaɖe dzi gbɔ na wò bena, Yehowa enye Mawu le dziƒo afime kple anyigba dzi afi, eye bubua ɖeke meli kpe ɖe eŋu o;


Amekae miehe, yewoabu ɖe Mawu ŋu, eye nɔnɔme ka míebe, yewoatsɔ asɔ kplii?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite