Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 7:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ne Farao abia nukunua ɖe tso mia si la, ekema gblɔ na Aron bena: Tsɔ wò atikplɔ da ɖe Farao ƒe ŋku me! eye wòatrɔ zu da gãa ɖe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 “Ne Farao abia be, ‘Miawɔ nukunu aɖe la,’ ekema gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ la da ɖe anyigba le Farao ŋkume,’ eye wòatrɔ azu da.”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 7:9
15 Referans Kwoze  

Tete Yudatɔwo xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Dzesi kawo nèfia mí bena, èwɔ nusiawo mahã?


Bia dzesi tso Yehowa, wò Mawu la si, eɖanye tso tsieƒe ke alo tso dziƒo ʋĩ o.


Yehowa gblɔ nɛ bena: Nukae ma le asiwò? Eɖo ŋu bena: Atizɔtie.


Tete wogblɔ nɛ bena: Ekema dzesi ka newɔ, bena míakpɔ, eye miaxɔ dziwò ase mahã? Nuka nèwɔna?


Eye natsɔ atizɔti sia ɖe asi, eya natsɔ awɔ dzesiawoe!


Tete Mose do eƒe atikplɔ ɖe Egipte-nyigba dzi, eye Yehowa na ɣedzeƒeya ƒo ɖe anyigba la dzi ŋkeke blibo la katã kple zã blibo la katã, eye esi ŋu ke la, ɣedzeƒeya la kplɔ ʋetsuviwo vɛ.


Ke ne mele wo wɔm la, ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ dɔwɔwɔwo dzi se, bena miadze sii, eye miase egɔme bena, Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.


Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi biam, eye womele dzesi na gee o, negbe nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la ko;


Ƒo nu gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Egipte-fia Farao, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò lo gã, si tsyɔ akɔ ɖe Nil-tɔsisi titina hele gbɔgblɔm be: „Tɔnyee nye tɔsisi la, eye nyee wɔe.“


Eye Mose do eƒe atikplɔ ɖe dziƒo, tete Yehowa na dzi ɖe gbe, eye kpetsi dza, eye dzi ke dzo de anyigba la dzi, eye Yehowa na kpetsi dza ɖe Egipte-nyigba la dzi.


Tete Mose tsɔ srɔ̃a kple viawo ɖo tedzi dzi, eye wòdze mɔ heyi Egipte-nyigba dzi; eye Mose tso Mawu ƒe atikplɔ la ɖe asi.


Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena:


Tete wògblɔ bena: Tsoe ƒu gbe ɖe anyigba! Esi wòtsɔe ƒu gbe ɖe anyigba la, etrɔ zu da, eye Mose si le enu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite