Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 7:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wowɔ, abe alesi Yehowa de se na wo ene. Aron tsɔ eƒe atikplɔ da ɖe Farao kple eŋuti mewo ƒe ŋku me, eye wòtrɔ zu da gãa ɖe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Ale Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wowɔ nukunu la abe ale si Yehowa ɖo na wo ene. Aron ɖe asi le eƒe atikplɔ ŋu da ɖe anyigba le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye wòzu da.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 7:10
10 Referans Kwoze  

Tete wògblɔ bena: Tsoe ƒu gbe ɖe anyigba! Esi wòtsɔe ƒu gbe ɖe anyigba la, etrɔ zu da, eye Mose si le enu.


Kpɔ ɖa, mena ŋusẽ mi be, míado afɔ dawo kple dzidegbewo kpakple ketɔ la ƒe ŋusẽ katã dzi, eye naneke meli, si awɔ vɔ̃ mi gbeɖe o.


Woalé dawo, eye ne wono nu wuame hã la, mele wo si ge o; woatsɔ woƒe asiwo aɖo dɔlélawo dzi, eye woƒe lãme lasẽ.


Ne wobe ɖe Karmel ta me la, maɖi wo le afima ahe wo agbɔe, eye ne wosia ɖem ɖe atsiaƒu gɔme la, madɔ da woaɖu wo le afima.


Ne Farao abia nukunua ɖe tso mia si la, ekema gblɔ na Aron bena: Tsɔ wò atikplɔ da ɖe Farao ƒe ŋku me! eye wòatrɔ zu da gãa ɖe.


Yi Farao gbɔ ŋdi kanya: kpɔ ɖa, ayi to la nu, eye natsɔ atikplɔ, si zu da la, ɖe asi aɖado goe le Nil-tɔsisi la to.


eɖo dzesiwo kple nukunuwo de dowòme, Egipte, ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã ŋu;


Alesi Yehowa ɖe se na Mose kple Aron la, nenema wowɔ.


Eye Mose kple Aron wɔ, abe alesi Yehowa de se na wo ene. Eye wotsɔ eƒe atikplɔ ƒo Nil me tsi la dzi le Farao kple eŋuti mewo ƒe ŋku me, tete tsi, siwo katã le Nil me la, trɔ zu ʋu.


Eye Israel-viwo wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose kple Aron ene; nenema wowɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite