Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 7:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Yehowa ɖo ŋu na Mose bena: Mana nanye Mawu ɖe Farao nu, eye nɔviwò Aron nanye wò nyanuɖela.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mewɔ wò abe Mawu ene na Farao, eye nɔviwò ŋutsu Aron abe wò nyagblɔɖila ene.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 7:1
11 Referans Kwoze  

Nyee gblɔ be: Mawuwo mienye, eye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo mi katã mienye!


Kpɔ ɖa, metsɔ wò ɖo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu, nalã nu, eye nagbã nu, natsrɔ̃ nu, eye nagblẽ nu, natso aƒe, eye naƒã nu!


Eye Eliya tsɔ ɖevi la ɖi tso xɔtaxɔ la me va xɔa me, eye wòtsɔe na dadaa. Eye Eliya gblɔ bena: Kpɔ ɖa, viwò la tsi agbe.


Esi Elisa bɔbɔ nɔ eƒe me, eye ame tsitsiwo bɔbɔ nɔ egbɔ la, fia la ɖɔ ame ɖo ɖe eŋgɔ. Ke hafi ɖɔla la nava egbɔ la, egblɔ na ame tsitsiawo bena: Miele ekpɔm be, hlɔ̃mevi sia ɖɔ ɖo ɖa, be woatso ta le nunyea? Miɖo ŋku anyi, ne dɔla la va la, ekema mitutui kple ʋɔtru, eye mido nɔa! Ɖe menye eƒe aƒetɔ ƒe afɔzi le eyome gbɔna oa?


Mikpɔ ɖa Yehowa na dzudzɔgbe mi, eyata wòna nuɖuɖu mi le ŋkeke adelia dzi ɖe ŋkeke eve nu. Amesiame natsi aƒe, eye amea ɖeke nagado go le aƒe me le ŋkeke adrelia dzi o!


Eye wògblɔ nɛ bena: Le nya sia me hã meɖo to wò, eye nyemagblẽ du, si nẽwɔnɛ la o.


Ne nane to, eye amewo be: „Mikpɔ ɖa, nu yeyea ɖe to“ la, edzɔ do ŋgɔ na mi gbaɖegbe ke.


Ewɔ nukunuwo le wo fofowo ŋku me le Egipte-nyigba dzi, le Zoan-tagba.


Eye dukɔ, si woanye kluviwo na la, nye la madrɔ̃ ʋɔnui, Mawue gblɔe. Eye nusiawo megbe la woaɖo go, eye woasubɔm le teƒe sia.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite