Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 6:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye azɔ mese Israel-viwo ƒe konyi, si wòta le Egiptetɔwo ƒe wo teteɖanyi la ŋuti, eye meɖo ŋku nye nubabla la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 “Gawu la, mese Israelviwo ƒe konyifafa esi wonye kluviwo fifia le Egipte. Meɖo ŋku nye nubabla la dzi.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 6:5
11 Referans Kwoze  

Eye Mawu se woƒe konyifafa, eye wòɖo ŋku nu, si wòbia kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Esi woxaxa woɖo hã la, hiãa ɖeke menɔ anyi o, elabena dɔla, si me woɖea eɖokui fiana lena la, xɔ na wo; eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tufafa ta, eye wòkɔ wo hetsɔ wo le blema ŋkekewo katã me.


be yeakpɔ nublanui na mía fofowo, eye yeaɖo ŋku yeƒe nubabla kɔkɔe,


Ede eƒe dɔla Israel dzi hena ŋkuɖoɖo nublanuikpɔkpɔ dzi;


Aɖo ŋu eƒe nubabla, nya, si wòɖo hena dzidzime akpewo la tegbee,


Eye Yehowa gblɔ bena: Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo.


ekema maɖo ŋku nye nubabla, si mebia kpli mi kpakple ŋutilã sia ŋutilã, siwo me agbegbɔgbɔ le la dzi, eye tsi magaɖɔ aɖe anyigba la bena, nu gbagbewo katã natsrɔ̃ o.


Eye Mawu ɖo ŋku Noa kple gbemelã kple aƒemelã, siwo katã le egbɔ le aɖakaʋua me la dzi, eye Mawu na ya ƒo ɖe anyigba dzi, ale bena tsia de asi miemie me.


Esi eteƒe va didi la, Egipte-fia ku Eye Israel-viwo fa konyi le woƒe dɔ sesẽ la ŋu, eye wodo ɣli. Eye woƒe ɣli, si wodo, be woavo tso woƒe dɔ sesẽa me la, de Mawu gbɔ.


Tete Egipte-fia ɖo ŋu na wo bena: Mose kple Aron, nukaŋuti miele didim be, miade dukɔ la le woƒe dɔa nu? Miheyi miaƒe dɔ sesẽ la dzi!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite