Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 6:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nyee ɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu ŋusẽkatãtɔ ene, ke nyemeɖe nye ŋkɔ Yehowa fia wo o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Meɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ene, ke nye ŋkɔ, Yehowa la, nyemeyɔe na wo o.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 6:3
23 Referans Kwoze  

Ŋu akpe wo, eye ŋɔ adzi wo tegbee, woƒe mo atsi dã, eye woatsrɔ̃,


Ke ame dzɔdzɔewo le dzidzɔ kpɔm, wole aseye tsom le Mawu ŋku me, eye wogli kple dzidzɔ.


Mawu gblɔ na Mose be: „Amesi menye, eyae menye,“ eye wògblɔ bena: Ale nagblɔ na Israel-viwo enye si: „Menye“ ye dɔm do ɖe mia gbɔ;


Eye Yakob gblɔ na Yosef bena: Mawu ŋusẽkatãtɔ la ɖe eɖokui fiãm le Lus le Kanaan-nyigba dzi, eye wòyram


Esi Abram xɔ ƒe blaasieke vɔ asieke la, Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ; zɔ le ŋkunye me, eye nazu blibo!


Ale Yehowa, Israel ƒe fia kple eƒe xɔnametɔ, Yehowa Zebaot,: gblɔ esi: Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ; mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.


Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ, àdzi, eye nasɔ gbɔ; anye dukɔ kple dukɔhawo ƒe fofo, eye fiawo adzɔ atso mewò.


Yohanes ŋlɔ ɖo ɖe hame adre, siwo le Asia la bena: Amenuveve kple ŋutifafa nana anyi kpli mi tso amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vavagela gbɔ, eye tso gbɔgbɔ adre, siwo le eƒe fiazikpui ŋgɔ la gbɔ,


Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Hafi Abraham nava dzɔ la, nyeama meli xoxo.


Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee, nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ kple nye kafukafu na legbawo o.


Eye Abraham yɔ teƒe ma bena: Afisi Yehowa ɖe eɖokui fia le. Eyata wogblɔna vaseɖe egbegbe bena: Le to dzi, afisi Yehowa ɖea eɖokui fiana le.


Eye Abram le eƒe agbadɔ hom le tutum, le ŋgɔgbe yimii, eye wòva nɔ Mamre ƒe ati gã gbɔ le Xebron-nutowo me, eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.


Mawu ŋusẽkatãtɔ nayra wo, eye wòana nadzi asɔ gbɔ ɖe dzi, bena natrɔ azu dukɔ geɖe.


Yehowa enye aʋawɔla, eŋkɔe nye Yehowa.


Kpɔ nyuie le eŋu, eye naɖo to eƒe gbe; megasẽ tame ɖe eŋu o, elabena matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o, elabena nye megbea wònye.


Ke egblɔ na wo bena: Migayɔm be Naomi o, hafi boŋ miyɔ Mara nam: elabena ŋusẽkatãtɔ la do nublanuitɔm!


Eyata mana wòadze si nye alɔ kple nye ŋusẽ, mana wòadze sii, eye woanyae be, ŋkɔnyee nye Yehowa.


Ale Yehowa, amesi wɔa nu, Yehowa, amesi ɖoa tame, eye wòwɔnɛ ɖea goe, eya amesi ŋkɔ nye Yehowa la, gblɔ esi:


Gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbesigbe metia Israel, eye mekɔ nye asi dzi na Yakob ƒe aƒe ƒe ƒomea, mede ɖokuinye fía wo le Egipte-nyigba dzi, eye mekɔ nye asi dzi na wo hegblɔ bena: Nyee nye Yehowa, mia Mawu la,


Made lãmeka mia ŋu, eye mana lã naɖo mia ŋu; mafa agbalẽ ɖe mia ŋu, eye made gbɔgbɔ mia me, be miagbɔ agbe, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Nye dukɔ, miadze sii be, nyee nye Yehowa, ne meʋu miaƒe yɔdowo, eye mena mieɖo tso miaƒe yɔdowo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite