Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 5:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Wogblɔ bena: Hebritɔwo ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mí. Na míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe azɔli ayi gbeɖzi, ne miasa vɔ na Yehowa, mía Mawu la: ne menye nenem o la, adze mia dzi kple dɔvɔ̃ alo yi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Mose kple Aron woƒoe ɖe Farao nu be, “Hebritɔwo ƒe Mawu la do go mí, ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, eye míasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma. Ne míeɖo to eƒe gbe o la, dɔvɔ̃ awu mí alo míatsi futɔwo ƒe yi nu.”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 5:3
12 Referans Kwoze  

Eye ne woɖo to wò gbe la, ekema mia kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo miayi Egipte-fia gbɔ, eye miagblɔ nɛ bena: Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, ɖe eɖokui fia mí; eyata na miazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedzi, aɖamè nu na Yehowa mia Mawu la.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ƒu akpe, tu afa anyi, eye nado aléle ɖe Israel ƒe aƒe ƒe ŋunyɔnu vɔ̃ɖiawo katã ŋu, elabena wole yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si me tsi ge.


Woava nusianu, si nye dziƒo Mawu ƒe se la, pɛpɛpɛ ɖe dziƒo Mawu ƒe xɔ la ŋu, elabena nukaŋuti dɔmedzoe ava fia kple viawo ƒe fiaɖuƒe dzi ɖo?


Migasẽ ta me abe mia fofowo ene o, ke boŋ mina asi Yehowa, eye miva eƒe kɔkɔeƒe, si ŋu wòkɔ tegbee la, eye misubɔ Yehowa, mia Mawu, ne eƒe dɔmedzoe nu nata ɖe mia ŋu.


Ke esime wova afima tete la, womeyɔ Yehowa o, eyata Yehowa kplɔ dzatawo de wo, eye wowu amewo le wo dome.


Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ aƒu wò, eye woatsrɔ̃ wò avɔ le anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe la dzi.


Eye nagblɔ nɛ bena: Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, dom ɖo ɖe gbɔwò, be yeagblɔ na wò bena: Ɖe asi le nye dukɔa ŋuti, ne wòaɖasubɔm le gbedzi! Ke meɖo to vaseɖe fifi o.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron be: Do wo asi kple atikplɔ ɖe tɔsisiwo, tɔʋuwo kple tawo dzi, eye nahe akpɔkplɔwo ava Egipte-nyigba la dzi!


Eye Yehowa wo nenema; tete togbato geɖe fũ va Farao ƒe aƒe kple eŋu mewo ƒe xɔwo me kpakple Egipte-nyigba blibo la dzi, eye togbatoawo gblẽ anyigba la.


Eye Yehowa wɔ, Mose ƒe nyawo dzi, eye wòɖe togbatoawo ɖa le Farao kple eŋu mewo kpakple dukɔ la dome, ale be ɖeka hã hã megasusɔ ɖi o.


Maɖo yi de mia dome, bena woabia hiã de nubabla la ta, eye ne miesi aʋa yi de miaƒe duwo me la, ekema maɖo dɔvɔ̃ ɖe mia dome, eye matsɔ mi ade asi na miaƒe futɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite