Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 5:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Elabena tso esime meva Farao gbɔ, eye meƒo nu le wo ŋkɔa me la, azɔ gɔ̃ wòle ŋuta sẽm le dukɔ la ŋu; ke wò la meɖe dukɔ la kpɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Tso esime megblɔ wò gbedeasi la na Farao ko la, ɖeko wògale ŋuta sẽm le ameawo ŋu wu tsã; mèɖe wo tso woƒe fukpekpewo me kura o!”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 5:23
9 Referans Kwoze  

Eyata ale Yehowa gblɔ ɖe Anatot-ŋutsu, siwo le wò ku dim le gbɔgblɔm be: Megagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me, ne míaƒe asi magawu wò o la, enye si.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meɖo kpea ɖe anyi ɖe Zion, kpe, si wodo kpɔ, dzògoekpe xɔasi, si li ke zã. Amesi xɔe se la, masi o.


Woayra amesi gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi! Míeyra mi tso Yehowa ƒe me.


Nye la meva le Fofonye ƒe ŋkɔa dzi, eye miele xɔyem o; ɖe ame bubu lava le ye ŋutɔ ƒe ŋkɔa dzi la, ne eya xɔ ge miala.


Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.


Yehowa gblɔ na Mose bena: Azɔ akpɔ nusi mele Farao wɔ ge. Alɔ sesẽ ana wòaɖe asi le wo ŋu, eye alɔ sesẽ ana wòanya wo atso eƒe anyigba dzi.


Amesiwo gblɔ na Mawu be: Te ɖa le mía gbɔ, nuka ŋusẽkatãtɔ awɔ mí hã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite