Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 5:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Farao ɖo ŋu bena: Ameka nye Yehowa, ne maɖo to eƒe gbe aɖe asi le Israel-viwo ŋuti wòayi? Nyemenya Yehowa la o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋuti wòayi hã o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Farao bia be, “Ame kae nye Yehowa be maɖo toe, eye maɖe asi le Israel ŋu? Nyemenya Yehowa o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋu o.”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 5:2
25 Referans Kwoze  

Gake menyae bena, Egipte-fia maɖe mɔ na mi miadzo o, negbe ɖeko woazi edzi hafi.


Ameka nye ŋusẽkatãtɔ, ne míasubɔe, eye viɖe ka wònye na mí, ne míaɖe kuku nɛ?


Ɖe anyigbawo ƒe mawuwo katã dometɔa ɖe ɖe eƒe anyigba tso asinye me, ne Yehowa naɖe Yerusalem atso asinye mea?


le dzo ƒe aɖe me, esime woabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyuie la o,


Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o;


Eye woawɔ esiawo, elabena womenya Fofo la kple nye hã o.


Dawid tɔ na henɔ la. Abunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me be: Mawua ɖeke meli o. Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo. Amea ɖeke meli, si woa nu nyui o.


Yehowa netsrɔ nume ŋanɛ tɔwo kple aɖe, siwo gblɔa nya gãwo,


Ame vɔ̃ɖi buna le eƒe dada me be: Mabia eta ase o, Mawua ɖeke meli o. Eƒe tamesusu katã nye esi.


eye woƒo nu le Yerusalem ƒe Mawu la ŋu abe anyigba dzi dukɔwo ƒe mawu, siwo nye amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo la ene.


Eyata Xizkiya megable mi, eye wòaganɔ mia flum alea o, eye migaxɔ edzi se o, elabena dukɔ kple fiaɖuƒea ɖeke ƒe mawua ɖeke mete ŋu ɖe eƒe dukɔ tso mía kple fofonyewo si me o, ʋuu keke ne miaƒe mawuwo nahayi mia ɖe ge tso asinye me o.


Ke Eli viŋutsuwo nye ame vlowo, eye wometsɔ ɖeke le Yehowa ƒe nya


Ale Yehowa gblɔ esi: Esia natsɔ anyae bena, nyee nye Yehowa. Matsɔ atikplɔ, si le asinye la, aƒo Nil-tɔsisi me tsia dzi, eye wòatrɔ zu ʋu.


Esi dzidzime mawo katã yi wo tɔgbuiwo gbɔ vɔ la, dzidzime bubu va dzɔ le wo megbe, amesiwo medze si Yehowa o, eye womenya naneke le nusiwo katã wòwɔ na Israel la ŋu o.


Dukɔ, siwo fofonyewo tsrɔ̃ la ƒe mawuwo katã dometɔ kae te ŋu ɖe eƒe dukɔ tso asinye me, ne miaƒe Mawu nahayi mia ɖe ge tso asinye me?


Ewɔ dzesiwo kple nukunuwo ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã kpakple eƒe anyigba dzi dukɔ blibo la ŋu; elabena enya be, dadam wole ɖe wo ŋu, eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, abe alesi wògale egbe siawo ko ene.


Ke ne miebe, yewomele anyigba sia dzi nɔ ge o, ale be miegbe toɖoɖo Yehowa, mia Mawu la ƒe gbe


Mina aha Moab, ne wòano amu, be wòadze anyi ɖe eƒe xeɖeɖe me, ne eya hã nazu alɔmeɖenu, elabena Yehowa ŋu wòtɔ asi akɔ ɖo.


Eyata miɖɔ ɖo! Ne miese kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, seŋkuwo, venɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, ekema miadze klo ado gbe ɖa na legba, si mewɔ la; ke ne mieɖo gbe ɖa nɛ o le ekema woatsɔ nu aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me enumake. Mawu kae ate ŋu aɖe mi tso asinye me?


Ke Nabal ɖo ŋu na Dawid ƒe dɔlawo gblɔ bena: Ameka nye Dawid, eye ameka nye Isai vi? Egbe siawo la dɔla geɖewo ɖe wole go dzem le woƒe aƒetɔwo gbɔ.


Elabena eɖo eƒe asi ɖe Mawu ŋu, eye wòdze aglã ɖe ŋusẽkatãtɔ ŋu;


eƒu ɖu ɖe edzi kple kɔ dzeti kpakple akpoxɔnu ƒe kpo titri la.


amesiwo gblɔna be: Míaƒe aɖewo doa ŋusẽ mí, míaƒe nuyiwo li kpli mí, ameka nye aƒetɔ de mía nu?


ne nyemagaɖi ƒo akpa ahasẽ nu agblɔ bena: „Amekae nye Yehowa hã“ o; eye ne nyemagaɖo ko ayi fi fi ge ahaɖa aƒu ɖe nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite