Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 40:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi natu nɔƒe, si enye Mawu ƒe agbadɔ la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 “Tu agbadɔ la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 40:2
21 Referans Kwoze  

Tu agbadɔ la ɖe nɔnɔme, si wofia wo le toa dzi la nu pɛpɛpɛ.


Egbee mieʋu, le nuŋeɣleti la dzi.


Esi Mose wu nɔƒe la tutu nu vɔ, eye wòsi ami ne kple eŋu nuawo katã hekɔ wo ŋu la, esi wòsi ami na vɔsamlekpui la kple eŋu nuawo katã, eye wòkɔ wo ŋu la,


Esi woʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe eve megbe la, Yehowa ƒo nu kple Mose le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi le Mawu ƒe agbadɔ la me, le Sinai-gbedzi bena:


Eye natsɔ numevɔsamlekpui la ada ɖe nɔƒe la, si enye Mawu ƒe agbadɔ la, ŋu ʋɔtrua ƒe ŋgɔdze.


Etsɔ akɔbli tu ganuvi blaatɔ̃ hetsɔ kpe agbadɔkuntruawo wozu ɖeka.


Woawo nye: nɔƒe la kple eƒe agbadɔ, etamegbanu, eŋu ganuviawo, eƒe ʋuƒowo, eƒe ʋɔmedetiwo, eƒe sɔtiwo kple woƒe afɔwo:


Eye natu eƒe ɖe memee ada ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ le Mawu ƒe agbadɔ la me, afisi maɖe ɖokuinye afia wò le; nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wòanye na mi.


le Mawu ƒe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nubablaɖaka ŋku me la ŋgɔ, eye Aron kple viaŋutsuwo nadzrae ɖo, bena wòanɔ bibim le Yehowa ƒe ŋku me tso fiẽ vaseɖe ŋdi. Esia anye ɖoɖo na Israel-viwo kple woƒe dzidzimeviwo tegbee.


Eyome natsɔ gbɔ̃fu alɔ̃ kuntru wuiɖekɛ, bena woatsɔ agba nɔƒe la tame.


Tsɔ kuntru ewo wɔ nɔƒe la; eye aɖaŋuvɔlɔ̃lawo natsɔ ɖetí ɣi dada, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kpakple ka dze alɔ̃e, eye woalɔ̃ Kerubiwo ɖe eme.


Esi Israel-viwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi la ɣleti etɔ̃ megbe, le ŋkeke ma dzi tututu, wova Sinai-gbedzi.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:


Esi woʋu tso Egipte-nyigba dzi le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒo nu kple Mose le Sinai-gbedzi bena:


Gbesigbe wotu nɔƒea la, alilikpo va tsyɔ agbadɔ, si me sea le la dzi, eye wòdzena le nɔƒe la dzi le fiẽ abe dzo ene vaseɖe ŋdi.


elabena tso gbesigbe mekplɔ Israel la, nyemenɔ xɔa ɖeke me vaseɖe egbe o, ke boŋ metsa tso agbadɔ me yi agbadɔ me, eye tso nɔƒe yi nɔƒe.


Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me le dzinu gbãtɔ me la enu Yehowa ƒe aƒe la ƒe ʋɔtruwo, eye wòɖo wo ɖo.


Le aboyoɖeɖe mí ƒe ƒe blave vɔ atɔ̃lia ƒe gɔmedzedzea me, le dzinu la ƒe ŋkeke ewolia dzi, le esi wòsi du la ƒe wuiene megbe la, ŋkeke ma dzi tututu Yehowa ƒe asi va dzinye, eye wòkplɔm yi afimae.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la nate nyitsuvi, si sɔ blibo la, eye natsɔ aɖe nuvɔ̃ ɖa le kɔkɔeƒe lã ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite