Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 40:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Si ami na numevɔsamlekpui la kple eŋu nuwo katã, eye nakɔ vɔsamlekpui la ŋu, bena vɔsamlekpui la nazu nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Hlẽ ami sisi la ɖe numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo ŋuti, eye nàkɔ wo ŋu; ekema vɔsamlekpui la ŋuti akɔ nyuie.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 40:10
13 Referans Kwoze  

Eye dɔla la ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋitɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi.


Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe;


Elabena nunɔlagã sia tɔgbe hiã míawo hã: Amesi nye kɔkɔetɔ, ame maɖifɔ, ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome, eye wokɔe ɖe dzi wu dziƒowo,


Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


Ke eya ŋuta gbɔ wòtso miele Kristo Yesu me, amesi zu nunya kple dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye kpakple fexexeɖeta, si tso Mawu gbɔ la na mí,


Mewo ɖokuinye kɔkɔe ɖe wo ta, bena woawo hã woazu ame kɔkɔewo le nyateƒe la me.


Elabena amesi Mawu dɔ la, Mawu ƒe nyawo ŋuti wòƒoa nu lena; elabena mena Gbɔgbɔ la le dzidzenu nu o.


Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si nye nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ, adaŋu dede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ, sidzedze kple Yehowa vovo ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi.


Ewu ami la ɖe vɔsamlekpuia ŋu zi adre, eye wòsi ami na vɔsamlekpui la kple eŋu nuawo katã, tsileze la kple eƒe zɔ, be wòawɔ wo kɔkɔe.


Eye nasi ami na tsileze la kple eƒe zɔ, eye nakɔ eŋu.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose gblɔ bena:


Wɔ wo kɔkɔe, bena woanye nu kɔkɔetɔwo, nusianu, si aka wo ŋuti la, azu kɔkɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite