Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 4:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Tete Mose tsɔ srɔ̃a kple viawo ɖo tedzi dzi, eye wòdze mɔ heyi Egipte-nyigba dzi; eye Mose tso Mawu ƒe atikplɔ la ɖe asi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Ale Mose kplɔ srɔ̃a kple via ŋutsuviwo da ɖe tedzi dzi, eye wòdze mɔ yina ɖe Egipte. Elé “Mawu ƒe atikplɔ” la ɖe asi goŋgoŋgoŋ!

Gade chapit la Kopi




2 Mose 4:20
10 Referans Kwoze  

Tete Mose gblɔ na Yosua bena: Tia ŋutsuwo kpe ɖe ŋuwò, eye nayi aɖawɔ aʋa kple Amalek etsɔ; ke nye la maɖatsi tre ɖe togbe la tame, eye male Mawu ƒe atikplɔ la ɖe asi.


Eye Mose ko eƒe asi dzi tsɔ eƒe atikplɔ ƒo agakpe la zi eve, tete tsi do bababa, eye ha la kple woƒe lãwo no.


Yehowa gblɔ nɛ bena: Nukae ma le asiwò? Eɖo ŋu bena: Atizɔtie.


Eye natsɔ atizɔti sia ɖe asi, eya natsɔ awɔ dzesiawoe!


Ke Mose si le nya sia nu, eye wòzu amedzro le Midian-nyigba dzi, afisi wòdzi ŋutsuvi eve le.


Eye wòdzi ŋutsuvi ne, eye wòyɔ eƒe ŋkɔ bena Gersom; elabena egblɔ bena: Amedzro menye le dzronyigba dzi.


Ke wò la tsɔ wò atikplɔ, eye nadoe ɖe ƒu la dzi, bena wòamã ɖe eve, eye Israel-viwo nazɔ ƒuƒuiƒe ato ƒu la me.


Eye wòda ame ɖo ɖe Mose gbɔ be: Nye towo Yetro kple srɔ̃wò kpakple viaŋutsu eveawo míegbɔna gbɔwò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite