Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 4:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Yehowa gblɔ nɛ bena: Nukae ma le asiwò? Eɖo ŋu bena: Atizɔtie.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Yehowa biae be, “Nu kae nye ema le asiwò?” Mose ɖo eŋu be, “Alẽkplɔla ƒe atikplɔe.”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 4:2
10 Referans Kwoze  

Tete Mose tsɔ srɔ̃a kple viawo ɖo tedzi dzi, eye wòdze mɔ heyi Egipte-nyigba dzi; eye Mose tso Mawu ƒe atikplɔ la ɖe asi.


Eye natsɔ atizɔti sia ɖe asi, eya natsɔ awɔ dzesiawoe!


Lã, siwo katã lãkplɔvi xlẽna kple eƒe ati la, dometɔ ewoliawo ŋu ko na Yehowa, eɖanye nyi alo ale o.


Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye woatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe; atsɔ eƒe nu me likplɔ aƒo ŋutasẽla la, eye woatso eƒe nu me gbɔgbɔ awu ame vɔ̃ɖi lae.


Tsɔ wò atikplɔ kplɔ wò dukɔ, wò ŋutɔ wò lãha, siwo ɖe ɖe aga le ave me le Karmel dzi; woaɖu gbe le Basan kple Gilead abe blema ene.


Yehowa ado wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ da tso Zion be: Ɖu fia le wo futɔwo titina!


Tete Yakob tsɔ logo, xe kple nyati mumuwo, eye woŋlɔ wo ŋu ale: eɖe tsroa ɖe le wo ŋu, eye wòkpɔtɔ ɖe ɖe wo ŋu.


Ne Farao abia nukunua ɖe tso mia si la, ekema gblɔ na Aron bena: Tsɔ wò atikplɔ da ɖe Farao ƒe ŋku me! eye wòatrɔ zu da gãa ɖe.


Yi Farao gbɔ ŋdi kanya: kpɔ ɖa, ayi to la nu, eye natsɔ atikplɔ, si zu da la, ɖe asi aɖado goe le Nil-tɔsisi la to.


Elisa gblɔ ne be: Nuka mawɔ na wòa? Gblɔe nam, nuka le asiwò le aƒe me? Edo ŋu be: Naneke mele wò dɔla si le aƒe me o, negbe amigoe ɖeka ko.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite