Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 4:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye Mose trɔ gbã va toa Yetro gbɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Mele didim be, magbugbɔ aɖakpɔ nɔvinyewo ɖa le Egipte be, wogale agbe mahã? Yetro ɖo ŋu; na Mose bena. Heyi faa!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Mose trɔ yi aƒe me; edzro nya la me kple toa, Yetro, hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, ɖe mɔ nam matrɔ ayi nye ƒometɔwo gbɔ le Egipte ne makpɔe ɖa be wogale agbe mahã?” Yetro ɖo eŋu be, “Yi faa, nye yayrawo le yowòme.”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 4:18
11 Referans Kwoze  

Eye Mose kpɔ toa Midian-nunɔla Yetro ƒe alẽwo dzi. Gbe ɖeka esi wòkolɔ alẽawo yi gbedzi la, eva Mawu ƒe to Xoreb gbɔ.


Ame alesi nu le dɔlanyenye ƒe kɔkuti te la, nabu woa ŋutɔwo ƒe aƒetɔwo be, wodze bubu katã, bena woagagblɔ busunya de Mawu ƒe ŋkɔ kple nufiafia la ŋuti o.


Eye gaxɔdzikpɔla to nya siawo na Paulo bena, du me dziɖulawo dɔ ame ɖa, be woaɖe asi le mia ŋu; eyata mido go azɔ, ne miayi le ŋutifafa me!


Ke ŋkekea ɖewo megbe la Paulo gblɔ na Barnaba bena: Azɔ na miagbugbɔ ayi aɖakpɔ nɔviawo ɖa le du sia du, si me miegblɔ Aƒetɔ ƒe nya la le, alesi wole wɔwɔm.


Eye wògblɔ na nyɔnua bena: Wò xɔse la ɖe wò; yi ɖe ŋutifafa me!


Tete Eli gblɔ bena: Yi le ŋutifafa me, Israel ƒe Mawu la awɔ nusi nèbiae la na wò!


Eye Yosef gblɔ na nɔviawo bena: Nye enye Yosef! Fofonye gale agbea? Ke nɔviawo lulu le eƒe ŋku me, eye womete ŋu ɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o.


Eye Mose lɔ̃ bena, yeatsi ŋutsu la gbɔ, eye wotsɔ vianyɔnu Zipora na Mose wòɖe.


Egblɔ nɛ bena: Heyi le ŋutifafa me! Eye esi wòdzo le egbɔ eyome bu vie la,


Nunɔla la ɖo ŋu na wo bena: Miyi le ŋutifafa me! Miaƒe mɔ, si dzi miele la, dze Yehowa ŋu.


Eye Elisa do ame ɖo ɖee, ne woagblɔ nɛ be: Yi ɖale tsi zi adre le Yordan me, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo, eye wò ŋuti aka.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite