Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 4:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ekema naƒo nu kplii, eye natsɔ nyawo ade enu, eye nye la makpe ɖe mia ŋu miaƒo nu, eye mafia nusi miawɔ la mi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 eya ta magblɔ nu si nàgblɔ nɛ la na wò. Makpe ɖe mi ame evea ŋu be miaƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si miagblɔ la na mi.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 4:15
24 Referans Kwoze  

Metsɔ nye nya ɖe nuwo, eye meɣla wò ɖe nye asi ƒe vɔvɔli te, ne magbugbɔ dziƒo me ahe, maɖo anyigba gome anyi, eye magblɔ na Zion be: Nye dukɔ nènye.


elabena nye la mana nu kple nunya mi, si ŋuti miaƒe ketɔwo katã mate ŋu atsi tre alo aƒo nu ɖo o.


Mele nyagblɔɖila ɖe ɖo ge na wo tso wo nɔviwo dome abe wò ene, eye wòagblɔ gbe, siwo katã meɖe asi nɛ la, na wo.


Tete Yehowa ɖe eɖokui fia Bileam, eye wòde nya enu, eye wògblɔ bena: Gbugbɔ yi Balak gbɔ, eye alea naƒo nu.


Eɖo ŋu gblɔ be: Ɖe mele nam be, magblɔ nya, si Yehowa de nunye la pɛpɛpɛ oa?


Eye Yehowa de nya nu na Bileam, eye wogblɔ bena: Gbugbɔ yi Balak gbɔ, eye alea naƒo nui!


Eye Yehowa do eƒe asi ɖa hetɔ nu nam, eye Yehowa gblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, metsɔ nye nyawo le nuwo ɖem.


Yehowa be: Nusi mebia kpli wò la, enye si: Nye gbɔgbɔ, si le dziwò, kple nye nya, si metsɔ de nuwo la, mate ɖa le nuwo me alo le viwòwo kple viwo wo ƒe viwo nu me o, tso fifia ɖaseɖe mava me, Yehowa ye gblɔe!


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Eye nayi fia la gbɔ agblɔ nya siawo nɛ! Eye Yoab de nyawo enu.


Bileam ɖo ŋu na Balak bena: Menya va gbɔwò la hafi, gake ɖe mate ŋu agblɔ nyaa ɖea? Negbe nya, si Mawu aɖe nunye la, eya ko magblɔ.


Heyi ko, makpe ɖe ŋuwò naƒo nu, eye mafia nusi nagblɔ la wò.


Elabena nye la, nusi mexɔ tso Aƒetɔ la gbɔ la, metsɔ de asi na mi bena, Aƒetɔ Yesu le zã, si me wofiã eyome mɔ la, etso abolo ɖe asi,


Ke, nɔviwo, mena mienya nyanyuie, si megblɔ fia mi, si miexɔ hã, esi me míetsi tre ɖo hã,


Eye wògblɔ bena: Manɔ anyi kpli wò! Eye esia anye dzesi na wo bena, nyee dɔ wò: Ne èkplɔ dukɔ la dzoe tso Egipte la, ekema miasubɔ Mawu le to sia dzi.


Eye Mose gblɔ Yehowa ƒe nya, siwo katã ta wòdɔe ɖo kple dzesi, siwo katã wòde esi la nɛ.


Eye Aron gblɔ nya, siwo katã Yehowa de asi na Mose la; ke eya wo dzesiawo le dukɔ la ƒe ŋku me.


Eye Mose gblɔ bena: Esia miatsɔ adze sii bena, Yehowae dɔm, be mawɔ dɔ siawo katã, eye menye nye ŋutɔ nye dzimee wotso o.


Kpe Isai va vɔsa la gbɔ, eye mana nanya nusi nawɔ asi ami na amesi magblɔ na wò la nam!


Mafia wò mɔ dzidalawo, eye nuvɔwɔlawo atrɔ tame ɖe ŋuwò.


Eye Yeremya tsɔ agbalẽ bubu na agbalẽŋlɔla Barux, Neriya vi, eye wòŋlɔ agbalẽ kemea, si Yuda-fia Yoyakim tɔ dzoe la me nyawo katã tso Yeremya nu ɖe eme, eye wogakpe nya mawo tɔgbe geɖe ɖe eŋu.


Ŋutsu kae vaa Yehowa? Eya wòafia mɔ, si wòatsɔ lae.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite