Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 4:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Ameka wo nu na ame? Ameka wo aɖetututɔ alo tokunɔ alo nukpɔla alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowa oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Yehowa biae be, “Ame kae wɔ nuwo na amewo? Menye nye, Yehowae oa? Ame kae wɔ aɖetututɔ alo tokunɔ, alo nukpɔla, alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowae oa?

Gade chapit la Kopi




2 Mose 4:11
18 Referans Kwoze  

Ɖe wokua kpẽ le du me, eye vɔvɔ̃ gbea amewo ɖoɖoa? De dzɔgbevɔ̃e dzɔna le du me, eye menye Yehowa ye wɔe oa?


Yehowa naa ŋkuagbãtɔwo kpɔa nu, Yehowa fɔa amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la, ɖe tsitrenu, Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo.


eye wòtsɔe lili nu nam gblɔ bena: Kpɔ ɖa, esia ka nuyi ŋu na wo, wò vodadawo ɖe ɖa, eye wòlé avu wò nuvɔ̃wo.


Eya, amesi wɔ to, ɖe mase nu oa? Eya, amesi wɔ ŋku, ɖe makpa nu oa?


Mafia wò mɔ dzidalawo, eye nuvɔwɔlawo atrɔ tame ɖe ŋuwò.


Eye Yehowa do eƒe asi ɖa hetɔ nu nam, eye Yehowa gblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, metsɔ nye nyawo le nuwo ɖem.


Eye megblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o.


Eye Yehowa ƒe asi va dzinye le fiẽ, hafi ame sisi la nava, eye wòʋu nu nam, hafi wòva le ŋdi; ale nye nu ʋu, eye nyemegazi kpi azɔ o.


Ɖe nane sesẽ na Yehowa? Le ƒe, si gbɔna ƒe woleawoɣi la, magato ava gbɔwò, eye ŋutsuvi anɔ Sara si.


Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


ne naʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo, eye naɖe amesiwo wode gae la, tso ga me, kple amesiwo bɔbɔ no viviti me la, tso gaxɔ me.


Eye kpɔ ɖa, wò aɖe latu, eye mele ŋute ge aƒo nu o, halase ŋkeke, si dzi nusiawo ava ve me, le esi mèxɔ nye nya, siwo nu woawu le woƒe ɣeyiɣi me la, dzi se o la ŋuti.


Eye eƒe nu ke enumake, eye eƒe ade trɔ, eye wòƒo nu le Mawu kafum.


Bubuwo gblɔ bena: Nenem nya siawo la menye amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, ƒe nyawo o. Ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋkuwo na ŋkuagbãtɔwo mahã?


Mina míaɖi ayi afima, ne míatɔtɔ woƒe gbe, bena amea ɖeke nagase nɔvia ƒe gbe o!


To senu kple ŋku kpɔnu la, Yehowa ye wɔ woa kple eve la siaa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite