Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 4:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Tete Mose gblɔ na Yehowa bena: Taflatse, Aƒetɔ, nyemenya nuƒoƒo o, eye esia metso etsɔ kple nyitsɔ alo tso esime nède asi nuƒoƒo me kple wò dɔla o, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋuti o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Ke Mose ɖe kuku na Yehowa be, “O, nye Aƒetɔ, nyemeƒoa nu nyuie o. Nyemeƒo nu nyuie kpɔ o; nyemenye nuƒola nyui aɖeke fifia hã o, togbɔ be èƒo nu nam gɔ̃ hã, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋu tututu o.”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 4:10
11 Referans Kwoze  

Eye megblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o.


Eye Mose ɖo ŋu na Yehowa bena: Esi Israel-viwo mele to ɖomem o la, aleke Farao aɖo to nye amesi nu menya ƒona na o la!


Ke me menye ame manyanu le nuƒoƒo me hã la, nyemenyae le sidzedze me o, ke le nusianu me miedze ƒã le amewo katã dome le mia gome.


Eye wotia Egiptetɔwo ƒe nunyawo katã Mose, eye wòsẽ ŋu le eƒe nyawo kple dɔwɔwɔwo me.


Mose do ŋu gblɔ bena: Ne womexɔ nye nya dzi se o, eye womeɖo to nye gbe o, ke boŋ wogblɔ bena: Yehowa mede eɖokui fia wò o ɖe?


Elabena wogblɔ be: Agbalẽawo kpena, eye wosẽna; ke eya ŋuta nye ame beli, eye eƒe nyawo mele ɖeke me o.


Nyateƒee! Miawo koe nye amewo, eye ne mieku la, ekema nunya ku.


Ke Mose gblɔ na Mawu bena: Ameka menye, be mayi Farao gbɔ, eye makplɔ Israel-viwo adzoe atso Egipte?


Ke Mose gblɔ na Yehowa bena: Nu menya ƒona nam o; aleke awɔ Farao aɖo to nye gbe?


Nyee kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi, mexɔ wò ƒle tso kluvinyenyeƒe me, eye medɔ Mose, Aron: kple Miryam woɖze ŋgɔwò ɖe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite