Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 39:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye akɔblanu, si le eŋu la, wɔ ɖeka kplii: sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada ke wotsɔ lɔ̃e, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Alidziblanu si wolɔ̃ kple aɖaŋu la sɔ kplii, wotsɔ sika, ɖetika ɣi, blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ lɔ̃ wo kple kɔmewu la ɖekae abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene la tututu.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 39:5
10 Referans Kwoze  

eye le sikakaɖiti adreawo titina la amea ɖe li, si ɖi amegbetɔvi, edo awu ʋlaya, eye wotsɔ sikalidziblanu bla akɔta.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Elabena nye la, nusi mexɔ tso Aƒetɔ la gbɔ la, metsɔ de asi na mi bena, Aƒetɔ Yesu le zã, si me wofiã eyome mɔ la, etso abolo ɖe asi,


Dzɔdzɔenyenye anye alidziblanu le eƒe ali, eye nyateƒe anye alidziblanu le eƒe aklito.


Edo awutewui ʋlaya la nɛ, eye wotso alidziblanu bia edzi; emegbe wòdo dziwui la nɛ, eve wòdo kɔmewu la ɖe dzi; eyome wòtsɔ akɔblanu, si le kɔmewua ŋu la, bia akɔ nɛ,


Fɔ awua wo vɛ, eye nado awutewui ʋlaya la kple dziwui la kpakple kɔmewu la na Aron; gba wo dzi nɛ kple akɔgbanu, eye natsɔ akɔtaɖonu la aɖo eŋu.


Eye woatso avɔ ma tɔgbe, si wotsɔ sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dze kple ɖeti ɣi dada lɔ̃e la, awɔ akɔgbanu ɖe eŋu.


aɖabɛ blɔtɔ kple aɖabɛ dzĩtɔ ƒe ka, ka dze, ɖeti ɣi kple gbɔ̃fuwo,


Akpa eve me kɔmewu la le, eye wokpee le eƒe goawo kple eve me.


Wotsɔ sika ƒo fefeka ɖe soham-kpe eve ŋu, eye ŋkɔɖelawo ɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite