Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 39:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Alesi tututu Yehowa de se na Mose la, nenema pɛpɛpɛ Israel-viwo wɔ dɔ blibo lae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

42 Ale Israelviwo wɔ dɔ blibo la pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 39:42
15 Referans Kwoze  

Eye mia dometɔ, siwo ƒe tagbɔ aɖaŋu le la, nava awɔ nusiwo katã Yehowa ɖi la.


Ʋiʋli nyui lae meʋli; mewu nye mɔzɔzɔ la nu, melé xɔse la me ɖe asi.


Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi ma nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Ble wowu nɔƒe, si enye Mawu ƒe agbadɔ la, ŋu dɔwo katã nu, eye Israel-viwo wɔe pɛpɛpɛ, abe alesi Yehowa de se na Mose be, woawɔe ene.


atsyɔ̃ɖowu, siwo woaɖo awɔ subɔsubɔdɔ le kɔkɔeƒe la, nunɔla Aron ƒe awu kɔkɔe mamleawo kple viaŋutsuwo ƒe awuawo, bena woanye nunɔlawo asubɔ.


Eye Mose kpɔ dɔ blibo la; kpɔ ɖa, wowɔe, abe alesi Yehowa de se be, woawɔe la ene. Eye Mose yra wo.


Tete meyi ɖaɣlae ɖe Frat nu, abe alesi Yehowa gblɔ nam ene.


Eye Israel-viwo wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose kple Aron ene; nenema wowɔ.


Ɖewo etsia anyi ŋkeke eve, ɣleti ɖeka alo wu nenema. Ne alilikpo la tsi nɔƒea dzi la, ekema Israel-viwo hã tsia asaɖa la me, eye womehona o; ke ne eho le edzi ta, ekema wohona.


eye wowu xɔ la kple eŋu nuwo katã nu ɖe eƒe ɖoɖowo katã nu le ƒe wuiɖekɛlia me le ɣleti Bui, si nye ɣleti enyilia dzi. Ale wotui ƒe adre sɔŋ.


Eye womeɖe ɖeke le fia ƒe se, si woɖe ɖe nunɔlawo, Lewi-viwo kple nua wo katã kpakple nudzraɖoƒeawo ŋu la me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite