Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 39:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzẽ lɔ atsyɔ̃ɖowuawo, bena woatsɔ awɔ subɔsubɔdɔe le kɔkɔeƒe la, eye wolã awu kɔkɔewo na Aron, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Le esiawo megbe la, ameawo tsɔ avɔ siwo wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la tɔ awu nyuiwo na nunɔlawo be woado hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la. Wotsɔ avɔ sia ke tɔ Aron ƒe awu kɔkɔewo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 39:1
14 Referans Kwoze  

atsyɔ̃ɖowuawo kple nunɔla Aron ƒe awu kɔkɔeawo kpakple viaŋutsuawo ƒo awuwo, be woanye nunɔlawo asubɔ;


Amesiame tsɔ nusi le esi la ve; aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ, ɖeti ɣi, gbɔ̃fuwo, agbogbalẽ, si wode ama dzie kple nyogbalẽ.


atsyɔ̃ɖowuawo, bena woatsɔ asubɔ le kɔkɔeƒe, kple nunɔla Aron ƒe awu kɔkɔe susɔeawo kpakple viaŋutsuwo ƒe awuawo, bena woazu nunɔlawo asubɔm.


eye menye bena, wòatsɔ eɖokui ano nanam agbadre, abe alesi nunɔlagã tsɔa lãʋu yina ɖe kɔkɔeƒe la me ƒe sia ƒe ene o;


eye metsɔ gbɔ̃tsu wo kple nyiviwo ƒe ʋu hã o, ke boŋ ye ŋutɔ ƒe ʋu wòtsɔ yi ɖe kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo kalẽ nu, eye wòtsɔ xɔxɔ mavɔ vɛ.


Se, si le aƒea ŋu la, enye si: Eya kple eŋu katã godoo le kɔkɔe le toa ta me. Esia nye se, si le aƒea ŋu.


Ne nunɔlawo ge ɖe kɔkɔeƒea me la, womado ayi xɔxɔnu kɔtoetɔ o, ke boŋ woaɖe woƒe awu, siwo wodo subɔ la, ɖe afima, elabena nu kɔkɔewo wonye, eye woaɖo awu bubuwo hafi ayi teƒe, si woɖo ɖi na dukɔ la.


Wò sewo le eme tututu; Yehowa, ŋutikɔkɔe dze wò aƒe la ɣeawiokatãɣ.


atsyɔ̃ɖowu, siwo woaɖo awɔ subɔsubɔdɔ le kɔkɔeƒe la, nunɔla Aron ƒe awu kɔkɔe mamleawo kple viaŋutsuwo ƒe awuawo, bena woanye nunɔlawo asubɔ.


Tsɔ kuntru ewo wɔ nɔƒe la; eye aɖaŋuvɔlɔ̃lawo natsɔ ɖetí ɣi dada, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kpakple ka dze alɔ̃e, eye woalɔ̃ Kerubiwo ɖe eme.


aɖabɛ blɔtɔ kple aɖabɛ dzĩtɔ ƒe ka, ka dze, ɖeti ɣi kple gbɔ̃fuwo,


kpɔ la ƒe afɔwo godoo va kpe kple agbo la ƒe afɔwo, nɔƒe la ƒe tsyotiwo katã kple kpɔ la ƒe tsyotiwo katã godoo va kpe.


Eye woawɔ sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple deti ɣi ŋu dɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite