Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 38:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wòtsɔ xé kpa numevɔsamlekpui la; edidi abɔklugui atɔ, eye wokeke abɔklugui atɔ̃; dzogoe ene me wòle, eye wòkɔ abɔklugui etɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Bezalel kpa numevɔsamlekpui la hã kple akasiati. Etame ƒe didime kple eƒe kekeme siaa nye mita eve kple desimita eve. Eƒe kɔkɔme nye mita ɖeka kple desimita etɔ̃.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 38:1
19 Referans Kwoze  

Eye du la le dzogoe ene me, eye eƒe didime le abe eƒe kekeme ene; eye wòdzidze du la kple dzidzeti la, wòle stadio akpe wuieve: eƒe didime kple kekeme kple kɔkɔme wosɔ.


Vɔsamlekpui le mía si, esi ŋuti amesiwo subɔna le agbadɔ me la, womekpɔ mɔ be, woaɖu nu le o.


Eye wòwɔ akɔblivɔsamlekpui la, edidi abɔklugui blave, eye wòkɔ abɔklugui ewo.


Eye wòtsɔ numevɔsamlekpui la da ɖe nɔƒe, si enye Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ, eye wome numevɔsa kple nuɖuvɔsa le edzi, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Eye natsɔ numevɔsamlekpui la ada ɖe nɔƒe la, si enye Mawu ƒe agbadɔ la, ŋu ʋɔtrua ƒe ŋgɔdze.


eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.


Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.


geɖe aleke wu Kristo, amesi to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsasa mokaka manɔŋutɔ ene la, ƒe ʋu maklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la o mahã?


Eyaŋuti, nɔvi kɔkɔewo, dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo: Mibu miaƒe xɔsemeʋuʋu ƒe ame dɔdɔ kple nunɔlagã Yesu la ŋuti,


Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.


Nusianu, si Fofo la tsɔ nam la, ava gbɔnye, eye amesi vaa gbɔnye la, nyemale eƒu ge gbe akpɔ o.


agbogbalẽ, si wode ama dzi, nyogbalẽ kple xé.


numevɔsamlekpui la kple eŋu nuwo katã, tsileze la kple eƒe zɔ;


Èwɔ dzowo ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi, eye dzoawo wo ɖeka kplii, eye wòfa akɔbli ɖe eŋu.


Eye akɔblivɔsamlekpui, si Bezaleel, Xur vi Uri ƒe vi ɖi ɖe Yehowa ƒe nɔƒe la ŋgɔ la, le afima, eye Salomo kple ameha la wodii.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite