Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 34:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 gblɔ bena: Aƒetɔ, ne eve nunye la, ekema meɖe kuku be, Aƒetɔ ŋutɔ nanɔ mia dome ayi, elabena dukɔ kɔ lialiatɔ wònye, eyata tsɔ miaƒe vodadawo kple nuvɔ̃wo ke mi, eye naxa mí awɔ tɔwòe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Egblɔ be, “Nenye nyateƒe be nève nunye la, ekema O Yehowa, meɖe kuku kplɔ mí yi Ŋugbedodonyigba la dzi. Eme kɔ ƒãa be míenye dukɔ dzeaglã kple kɔlialiatɔwo, gake meɖe kuku, tsɔ míaƒe vodadawo kple nu vɔ̃wo ke mí, eye nàgaxɔ mí abe wò ŋutɔ tɔwòwo ene.”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 34:9
23 Referans Kwoze  

Woɔyra dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye; dukɔ, si wòtia wɔ domenyinu na eɖokui.


Elabena Yehowa magbe eƒe dukɔ la o, eye magblẽ eƒe domenyinu la di o,


Elabena Yehowa tɔ enye eƒe dukɔ, eye Yakob enye domenyinu, si wòmã nɛ.


Elabena Yehowa tia Yakob na eɖokui, eye wòtsɔ Israel wɔ eɖokui tɔe.


Xɔ na wò dukɔ, eye nayra wò domenyinu la, nyi wo, eye na tsa wo kpa ɖaseɖe mavɔ me!


Ke Yakob ƒe gome mele abe woamawo ene o, elabena eya nye nuwo katã wɔla, eye Israel enye eya ŋutɔ ƒe ƒome; Yehowa Zebaot enye eƒe ŋkɔ.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Mekpɔ bena, dukɔ sia la dukɔ kɔ lialiatɔ wònye.


Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi. Bubu ta wòdɔm ɖe dukɔ; siwo ha mi la gbɔ ɖo; elabena amesi ka asi mia ŋu la, eka asi eƒe ŋkuvi ŋu.


Etsɔ ete dukɔ de asi na yi, eye dzi kui ɖe eƒe ɖomenyinu ŋu.


Azɔ ne míaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tanye koŋ le dukɔwo katã dome, elabena anyigba blibo la tɔnyee.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Esi menyae be, wò tame sẽ, wò ʋume nye gakpɔti, eye wò ŋgonu nye akɔbli la,


Le wò ŋkɔ la ta, Yehowa, tsa nye vodada kam, elabena esa gbɔ!


Eyata tsɔ dukɔ sia ƒe vodada ke wo le wò amenuveve gã la nu, abe alesi nẽtsɔe ke dukɔ sia tso Egipte ke vaseɖe afisia ene.


amesi dzia amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wotsɔa vodada, dzidada kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodadawo ŋuti le na viwo kple wo viwo ƒe viwo, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.


Ke Yehowa ɖe miawo tso aŋɔɖakpo me le Egipte, bena mianye eya ŋutɔ ƒe dukɔ, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Eye mede ta agu ɖe Yehowa ŋku me abe tsã ene, ŋkeke blane kple zã blane, abolo maɖumaɖu kple tsi manomano le miaƒe nuvɔ̃, siwo katã miewɔ la ta; elabena miewɔ vɔ̃ hedo dziku na Yehowa.


Eye medo gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, megagblẽ wò dukɔ, si nye wò ŋutɔ tɔ la o, dukɔ, si neɖe kple wò ŋusẽ gã, eye nètsɔ wò asi sesẽ kplɔe tso Egipte.


evɔ wònye dukɔ, si nye wò ŋutɔ tɔ wònye, eye nètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò abɔ, si nedo ɖe dzi kplɔ wo hafi.


Mawu kae ɖe nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlea ƒe dzidada ŋu o; meléa dɔmedzoe ɖe ɖɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò.


Eye Mose gblɔ na Yehowa bena Kpɔ ɖa, woe gblɔ nam bena: kplɔ dukɔ sia, gake mena, menya, amesi nedo kpe ɖe ŋunye o, wò, ye egblɔ bena menya wò kple wò ŋkɔ, eye meve nuwò hafi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite