Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 34:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Yehowa ɖi va le alilikpo me, eye wòtsi tre ɖe egbɔ le afima, eye woɖe gbe ƒã Yehowa ƒe ŋkɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Yehowa ɖi ɖe to la dzi le lilikpo dodo aɖe me, eye wòtsi tsitre ɖe egbɔ le afi ma ɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ Yehowa nɛ.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 34:5
16 Referans Kwoze  

Exɔ dzi bena: Mana nye atsyɔ̃ɖoɖo blibo la nato ŋkuwò me ayi, eye maɖe gbe ƒã Yehowa ƒe ŋkɔ le, ŋgɔwò. Amesi nu medi be, mave la, eya nu mave, eye amesi ke meɖi be, makpɔ nublanui na la, eya makpɔ nublanui na.


Tete Yehowa ɖi va le alilikpo me heƒo nu kplii, eye wòɖe gbɔgbɔ, si le edzi la, ɖe da ɖe ame tsitsi blaadreawo dzi, eye esi gbɔgbɔ la va wo dzi la, wode asi nyagbɔgblɔ me ɖi; gake wova dzudzɔ emegbe.


Ne me da, gake nye ŋku me la, amea ɖeke makpɔe akpɔ o. Mose yi ɖe agbadɔ la me la, alilikpo dodoa ɖe ɖina va nɔa agbadɔ la nu, eye wòƒoa nu kple Mose.


Maɖi ava ƒo nu kpli wò le afima, eye maɖe gbɔgbɔ, si le dziwò la, ƒe ɖe ada ɖe wo dzi, bena woatso dukɔ la ƒe agba na wò ti, eye wò ɖeka matsɔe o.


Mi Sodom-amegãwo, mise Yehowa ƒe nya, mi Gomora-dukɔ, miƒu to anyi ɖe mía Mawu ƒe nufiame ŋu!


Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.


ne wòase gatɔwo ƒe ŋeŋe, eye wòaɖe ga kuviwo,


Elabena mele Yehowa ƒe ŋkɔ kafu ge, mide bubu Yehowa, mia Mawu la ŋu!


Eye dzudzɔ bia Sinai-to blibo la, elabena Yehowa ɖi va edzi le dzo me; eye dzudzɔ la ɖe dzi abe aŋɔɖaƒe dzudzɔ ene, eye to blibo la le ʋuʋum ŋutɔ.


Eyata Aƒetɔ, ɖe wo ŋusẽ fia, abe alesi negblɔ ene be:


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Mava gbɔwò le alilikpo dodoa ɖe me, be ne mele nu ƒom kpli wò la, dukɔ la nasee, eye woaxɔ dziwò ase tegbee. Eye Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Yehowa.


Kpɔ nyuie le eŋu, eye naɖo to eƒe gbe; megasẽ tame ɖe eŋu o, elabena matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o, elabena nye megbea wònye.


Tete Yehowa ɖi va agbadɔ la nu le alilikpo dodoa ɖe me, eye wòyɔ Aron kple Miryam, eye woa kple eve la woyi.


Tete Samuel gblɔ wo katã ne, eye meɣla ɖeke ɖee o. Eye wòɖo ŋu bena: Yehowae, newɔ nusi dze eŋu ko!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite