Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 34:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 eye naɖe woƒe vinyɔnuwo na viwòŋutsuwo; eye ne woƒe vinyɔnuwo le woƒe mawunuwo wɔm la, ekema woana be, viwòŋutsuwo hã nasubɔ woƒe mawuwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Eye ne míeɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo la, wo srɔ̃wo akplɔ wo ayi woƒe legbawo subɔƒewo, eye mia viŋutsuawo hã ada vo ɖe ŋunye to wo srɔ̃wo ƒe mawuawo subɔsubɔ me.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 34:16
23 Referans Kwoze  

elabena woawo ŋutɔwo kple wo viŋutsuwo ɖe srɔ̃ tso woƒe nyɔnuviwo dome, ale be ƒome kɔkɔe la tsaka kple anyigba dzi dukɔawo, eye amegãwo kple dzikpɔlawo ƒe asiwo do ŋgɔ le nu tovo sia wɔwɔ me.


Tete meka mo na wo, meƒo fi de wo, meƒo wo dome ŋutsua ɖewo, eye menya ɖa na wo, eye meta Mawu na wo bena: Migatsɔ míaƒe nyɔnuviwo na woƒe ŋutsuviwo o, eye migaɖe woƒe nyɔnuviwo na míaƒe ŋutsuviwo kple mía ŋutɔwo ɖokui o!


Mekpɔ le ɣemaɣi hã be, Yudatɔwo ɖe nyɔnuwo tso Asdod, Amon kple Moab.


Ke ne mietrɔ heku ɖe dukɔ, siwo kpɔtɔ ɖe mia gbɔ la ŋu, eye mieɖo ƒome kpli wo, mieyi wo dome, eye woawo hã va mia dome la,


ekema minyae bena, Yehowa, mia Mawu la, maganyã dukɔ siawo ɖa le mia ŋgɔ akpɔ o, eye woatrɔ zu adoboli kple mɔ na mi, woanye atam anɔ miaƒe axada me, eye woanye gu anɔ ŋku dzi na mi, vaseɖe esime miatsrɔ̃ avɔ keŋkeŋ le anyigba nyui, si Yehowa, mia Mawu, na mi la dzi.


Woɖe woƒe vinyɔnuwo, eye woawo hã tsɔ woƒe vinyɔnuwo na woƒe viŋutsuwo, eye wosubɔ woƒe mawuwo.


Fofoa kple dadaa gblɔ nɛ bena: Ɖe nyɔnua ɖeke mele nɔviwòwo ƒe vinyɔnuwo kple nye dukɔ blibo la dome o, eyata nayi aɖade srɔ̃ tso Filistitɔwo, siwo nye bolotɔwo la domea? Simson gblɔ na fofoa bena: Ɖee nam, elabena eƒe nu nyo ŋunye!


Ke fia Salomo lɔ̃ dutanyɔnu geɖewo, siwo tso Moab, Amon, Edom, Zidon kple Xet hekpe ɖe Farao-vinyɔnu la ŋu.


Eyata migatsɔ mia vinyɔnuwo na woƒe viŋutsuwo o, eye migaɖe woƒe vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo o; migadi woƒe ŋutifafa kple woƒe nyui tegbee o, ne ŋusẽ naɖo mia ŋu, eye miaɖu anyigba dzi nu nyuitɔwo, eye miagblẽe ɖi na mia viŋutsuwo wòanye wo tɔ tegbee.


wokpe ɖe wo nɔvi, siwo nyee bubumewo la ŋu, eye wota nu heka atam be, yewoazɔ ɖe Mawu ƒe se, si woɖe to Mawu ƒe dɔla Mose dzi la nu, eye yewoalé Yehowa, mía Aƒetɔ ƒe sewo katã, kɔnuwo kple ɖoɖowo me ɖe asi, eye yiewoawɔ wo dzi.


eye nata Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la nam be, maɖe srɔ̃ na vinye atso Kanaantɔ, siwo dome mele la ƒe nyɔnuviwo dome o;


bena viawo nagaɖi gbɔ le eƒe dukɔ me viwo dome o. Nyee nye Yehowa, si kɔ eŋu!


Eye Israel-viwo nɔ Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo dome.


Eye Gideon tsɔ wo wɔ kɔmewu hetsɔ ɖa ɖe eƒe du Ofra me, eye Israel blibo la subɔe, eye wòtrɔ zu mɔ̃ na Gideon ƒe aƒe la.


Amea ɖeke meli ɖe Axab, si tsɔ eɖokui ƒle na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋku me la nu o, elabena srɔ̃ Izebel ye blee de eme.


Ewɔ nuxeƒewo hã ɖe Yuda-towo dzi, eye wòna Yerusalemtɔwo subɔ trɔ̃wo, eye woble Yuda.


Eya enye bena, míatsɔ mía nyɔnuviwo na anyigba dzi dukɔwo o, eye míaɖe wo nyɔnuviwo na mia viŋutsuwo o.


Wotsɔ woƒe dɔwɔwɔwo ƒo di wo ɖokui, eye wozu ame dzegowo to woƒe nuwɔwɔwo me.


Esi Yehowa dze nuƒoƒo gome kple Hosea la, Yehowa gblɔ na Hosea bena: Yi naɖe gbolo, ne wòadzi ahasiviwo na wò; elabena anyigba la wɔ gbolo, eye wòtrɔ le Yehowa yome!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite