Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 34:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Dzra se, siwo maɖe na wò egbe la ɖo. Kpɔ ɖa, manyã Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le ŋgɔwò.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Nu si nàwɔ le nubabla sia me lae nye be nàlé nye seawo katã me ɖe asi. Ekema manya Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo katã le ŋgɔwò le anyigba la dzi.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 34:11
23 Referans Kwoze  

Madɔ dɔla ɖe ŋgɔwò, bena wòanya Kanaanitɔwo, Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo,


Eyata medo bena, made mi atso Egiptetɔwo ƒe teteɖanyi la me akplɔ mi ayi Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.


Ne mielé se siawo katã me ɖe asi, eye miewɔ wo dzi, abe alesi wòɖe se na mi ene la, woabui dzɔdzɔenyenye na mi.


Eyata Israel see, lé wo me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi, ne wòanyo na wò, eye nadzi ɖe dzi le anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, abe alesi Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la, do ŋugbe na wò ene.


Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.


Amesi si nye seawo le, eye wòlé wo me ɖe asi la, ame ma enye amesi le lɔ̃yem: amesi lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye nye hã malɔ̃e, eye maɖe nyẽ ŋutɔ ɖokuinye afiae.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèlé eƒe se, siwo katã meɖe na wò egbe la me ɖe asi hewɔ wo dzi la, ekema Yehowa, wò Mawu, atsɔ wò aɖo gã ɖe anyigba dzi dukɔwo katã nu.


Lé nya, siwo katã megblɔ na wò la me ɖe asi, eye naɖo to wo, bena wòanyo na mia kple megbewòviwo tegbee, le esi nèwɔ nusi nyo, eye wòdza le Yehowa, wò Mawu, ŋku me ta.


eye ɖo ŋku ŋusẽnuwɔwɔ, siwo nèkpɔ kple ŋku, dzesiwo kple nukunuwo, asi sesẽ kple alɔ, si wodo ɖe dzi, siwo Yehowa, wò Mawu, tsɔ kplɔ wò la dzi. Alea ke Yehowa, wò Mawu, awɔ dukɔ, siwo katã vɔ̃m nele lae.


eye nawɔ ɖoɖo kple se, siwo meɖe na wò egbea la dzi, bena wòanyo na wò kple megbewòviwo, eye nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi tegbee.


Madɔ téamekplɔɖoewo ɖe ŋgɔwò, bena wòanya Xiwitɔwo, Kanaanitɔwo kple Xititɔwo le ŋgɔwò.


Blema-Mawu la enye sitsoƒe, kple abɔ mavɔwo le anyigba afi. Enyã futɔwo le ŋgɔwò, eye wògblɔ be: Mitsrɔ̃ wo!


Mekpɔ le ɣemaɣi hã be, Yudatɔwo ɖe nyɔnuwo tso Asdod, Amon kple Moab.


Eye Yehowa wɔ, Mose ƒe nyawo dzi, eye wòɖe togbatoawo ɖa le Farao kple eŋu mewo kpakple dukɔ la dome, ale be ɖeka hã hã megasusɔ ɖi o.


Yehowa, mia Mawu la, ŋutɔ ate wo ɖa le mia ŋgɔ, eye wòanya wo da le mia ŋgɔ, be miaxɔ woƒe anyigba, abe alesi Yehowa, mia Mawu la, do ŋugbe na mi ene.


Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgastiɔwo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite