Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 34:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpe kpe eve nyuie abe gbãtɔwo ene, eye maŋlɔ kpe gbãtɔ, siwo negbã la, ƒe nyawo ɖe wo dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpa kpe gbadzɛ eve abe gbãtɔwo ene, eye maŋlɔ Se siwo nɔ kpe siwo nègba la dzi la ɖe wo dzi.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 34:1
11 Referans Kwoze  

Esi wote tu asaɖa la, eye wòkpɔ nyivi la kple alesi wole ɣe ɖumee la, ɖɔme ve Mose, eye woxlã kpe, siwo le esi la, ɖe anyi, eye wogbã ɖe to la te.


Yehowa, wò nya la li ke ɖe dziƒo tegbee.


Eye esi wòƒo nu kple Mose le Sinai-toa dzi vɔ la, etsɔ kpe eveawo, siwo dzi sea le la ne, kpe, siwo dzi Mawu ŋutɔ tsɔ eƒe asibide ŋlɔ nui ɖo.


Eye wono Yehowa gbɔ afima ŋkeke blane kple zã blane sɔŋ, abolo maɖumaɖu kple tsi manomanoe. Eye woŋlɔ nubabla ƒe nya ewoawo ɖe kpeawo dzi.


Mawu ŋutɔe kpa kpeawo, eye Mawu ŋutɔe ŋlɔ nuawo ɖe wo dzi.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Va gbɔnye le to la dzi, eye natsi anyi, ne matsɔ kpe, siwo dzi meŋlɔ ɖoɖoawo kple seawo ɖo, bena nafia wo la, na wo!


Eye Mose kpɔ kpe ete nyuie abe gbãtɔwo ene, eye wòfɔ ŋdi kanya helia Sinai-to la, abe alesi Yehowa de se ne ene, eye wotsɔ kpe eveawo ɖe asi.


Eka eƒe nubabla la ta na mi, si enye se ewo, siwo wòde, be miawɔ la, eye woŋlɔ wo ɖe kpe eve dzi.


Eye Yeremya tsɔ agbalẽ bubu na agbalẽŋlɔla Barux, Neriya vi, eye wòŋlɔ agbalẽ kemea, si Yuda-fia Yoyakim tɔ dzoe la me nyawo katã tso Yeremya nu ɖe eme, eye wogakpe nya mawo tɔgbe geɖe ɖe eŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite