Wò vɔɖinyenye aka mo na wo, eye wò godzedze ahe to na wò, ne nadze sii, eye nakpɔ, alesi wòvɔ̃ɖii, eye wòvenae be, nègblẽ Yehowa, wò Mawu la ɖi, eye vɔvɔ̃a ɖeke mele ŋunye na wò o, Aƒetɔ Yehowa Zebaot ye gblɔe!
Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Israel-viwo be: Dukɔ kɔ lialiatɔwo mienye, ne manɔ mia dome ayi kpli mi aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ hã la, matsrɔ̃ mi. Eyata miɖe miaƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖi, eya ko hafi manya, nusi mawɔ na mi.
Eye Mose tsɔ agbadɔ la tu de asaɖa la godo le adzɔge, eye wòyɔe be Mawu ƒe agbadɔ. Amesiame, si di be, yeabia nu Yehowa la, doa go va Mawu ƒe agbadɔ, si le asaɖa godo la gbɔ.