Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 33:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Esi dukɔ la se ŋɔdzinya sia la, wode asi konyifafa me, eye amea ɖeke megaɖe atsyɔ̃ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Esi ameawo se ŋɔdzinya siawo la, wode asi konyifafa me, eye woɖe woƒe sikanuwo kple atsyɔ̃ɖonuwo da ɖi.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 33:4
20 Referans Kwoze  

Esi Mose gblɔ nya siawo na Israel-viwo katã la, dukɔ la xa nu ŋutɔ.


Ƒuta amegãwo katã aɖi le woƒe fiazikpuiwo dzi ɖe anyi, woaɖe woƒe awu ʋlayawo ɖi, eye woaɖe woƒe avɔ ŋɔŋɔewo ɖi; ŋɔdzi anyẽ atsyɔ wo, woabɔbɔ nɔ anyigba, woanɔ dzodzom nyanyanya ɖaa, eye woƒe nu aku de ŋuwò.


miaƒe tablanu anɔ ta na mi, eye miaƒe atokotawo atsi afɔ na mi, miaxa nu o, eye miafa avi o, miatsrɔ̃ ɖe miaƒe vodadawo me, eye miaɖe hũ le mia nɔewo dome.


Ɖe hũ le adza me, eye megawɔ kunu o; bia ta, eye nado atokota ɖe afɔ, megabla nu ɖe wò ge o, eye megaɖu konyifabolo o.


Tete ha blibo la do ɣlikpɛ, eye dukɔ la fa avi le zã ma me.


Gblɔ na dukɔ hahoo la katã kple nunɔlawo bena: Esi mietsi nu ɖɔ, eye miexa nu le dzinu atɔ̃lia kple adrelia me ƒe blaadre sɔŋ nye esi la, nyee mietsi nu dɔ na loo?


eye woabia nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo, siwo le Yehowa Zebaot ƒe me la, agblɔ bena: Ɖe mafa avi atsi nu aɖɔ le dzinu atɔ̃lia me, abe alesi mewɔ ƒe geɖe xoxo enea?


Esi nya la ɖe Niniwe-fia gbɔ la, etso le eƒe fiazikpui dzi, eɖe eƒe awu ʋlaya ɖi, eye wòta akpanya hebɔbɔ nɔ dzowɔ me.


Womedo ɣli nam le woƒe dzi me o, ke boŋ wofa avi le woƒe abawo dzi; wova kpe ta le bli kple aha yeye ta, eye wotrɔ nu le yonyeme.


Mi amesiwo li bɔkɔɔ, dzidzi neƒo mi; mi ablɔɖewo, midzo nyanyanya! Miɖe ava ɖi, miɖe amama, eye misa akpanya ɖe ali!


Ke esi wota mo te le adzɔge la, womedze sii o: tete wofa avi kple ɣli, wo dome amesiame dze eƒe awu, eye wohlẽ ke ɖe ya me wòʋuʋu ɖe woƒe ta me.


Tete Hiob tso hedze eƒe awu, elũ eƒe ta, eye wòde ta agu hedo gbe ɖa


Esi mese nya siawo la, medze nye awuwo kple nye awu ʋlaya, mekaka nye taɖa kple nye ge, eye mebɔbɔ nɔ anyi de kɔ to.


Esime fia Xizkiya see la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya heyi Yehowa ƒe aƒe la me.


Esi Axab se nya siawo la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya, etsi nu dɔ, eye wòtsi akpanya me dɔ, eye wòle yiyim kpokpokpo.


Eye fia la gblɔ na Simei bena: Mèle kuku ge o! Eye fia la ka atam nɛ.


Eye Mose gblɔ na Aron kple viaŋutsuawo Eleazar kple Itamar bena: Migakaka miaƒe ɖawo ɖe ta o, eye migadze miaƒe awuwo o, ne miagaku, eye wòado dɔmedzoe ɖe ha blibo la ŋu o. Ke mia nɔviwo, Israel ƒe aƒe blibo la, nafa dzo, si Yehowa tɔ nu la.


Tete Israel-viwo ɖe woƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖi tso Xoreb-to la gbɔ.


Eye wowu amewo le Bet-Semestɔwo dome, elabena wokpɔ Yehowa ƒe aɖaka la. Ewu ame akpe blaatɔ̃ kple blaadre le dukɔ la dome. Tete dukɔ la fa konyi, elabena Yehowa wu amewo le dukɔ la dome ŋutɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite