Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 30:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Fa sika nyuitɔ ɖe eŋuti, etame kple ekɔgo godoo va kpe kpakple eƒe dzowo ŋu, eye natsɔ sika nyuitɔ ado atsiã ɖe eŋu aƒo xlãe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Fa sika nyuitɔ ɖe vɔsamlekpui la tame kple eƒe axadziwo kple lãdzoawo ŋu, eye nàgatsɔ sika nyuitɔ aɖo atsyɔ̃ na vɔsamlekpui la ƒe towo katã.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 30:3
8 Referans Kwoze  

Fa sika nyuitɔ ɖe eŋu, eye natsɔ sika ado atsiã ɖe eŋu akpe ɖo.


Eye nafa sika nyuitɔ ɖe eŋu; nafae ɖe eme kple ekɔgo, eye natsɔ sika ado atsiã ɖe eto akpe ɖo.


Eye mawudɔla bubu va, eye wòtsi tre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ, eye sikadzudzɔdosonu le esi, eye wotsɔ atike ʋeʋẽe geɖe nɛ, bene wòatsɔe akpe ɖe ame kɔkɔewo katã ƒe gbedodoɖawo ŋuti ada ɖe sikavɔsamlekpui, si le fiazikpui la ŋgɔ la dzi.


Eƒe didime nanye abɔklugui ɖeka, eƒe kekeme nanye abɔklugui ɖeka, dzogoe ene me wòanɔ, eye eƒe kɔkɔme nanye abɔklugui eve; eƒe dzowo nawɔ ɖeka ɖe eŋu.


Eye nawɔ sikasigɛ eveve ɖe eƒe axawo kple eve dzi le atsiãdodo la te, bena woate ŋu aƒo kpo ɖe wo me akɔe.


Efa sika ɖe xɔ blibo la ŋu vaseɖe xɔ la ƒe mlɔenu, eve wòfa sika ɖe vɔsamlekpui, si le megbexɔa nu la, ŋu blibo.


Megbexɔ la ƒe didime le abɔklugui blave, eƒe kekeme le abɔklugui blave, eye eƒe kekeme le abɔklugui blave, wofa sika nyuitɔ de eme, eye wotso sederʋuƒo wɔ vɔsamlekpui da ɖe enu.


Eye Salomo wo Yehowa ƒe xɔ la me nuwo katã, siwo nye sikavɔsamlekpui la kple sikakplɔ̃, si dzi ŋkumeɖobolo nɔna;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite