Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 3:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 eya ta meɖi va be maɖe wo tso Egiptetɔwo ƒe asi me, eye makplɔ wo adzoe le Egiptenyigba dzi, woayi anyigba nyui, gã aɖe dzi, afi si notsi kple anyitsi bɔ ɖo la. Anyigba sia dzie Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 3:8
54 Referans Kwoze  

Eye Yosef gblɔ na nɔviawo bena: Nye la mele kuku ge; ke Mawu aɖo ŋku mia dzi, eye wòakplɔ mi atso anyigba sia dzi ayi ɖe anyigba, si ŋugbe wodo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Eyata medo bena, made mi atso Egiptetɔwo ƒe teteɖanyi la me akplɔ mi ayi Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.


Wogbe anyigba dzi kutsetsewo ɖe asi va mía gbɔ, eye wogbugbɔ va gblɔ na mí bena: Anyigba, si Yehowa, mía Mawu, le mía na ge la nyo.


Ne Yehowa akplɔ wò ava Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi la, ekema naɖo ŋku subɔsubɔ sia dzi.


ne mawɔ atam, si meka na mia fofowo be, matsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na wo la dzi, abe alesi wòzu egbeawo ene. Eye meɖo ŋu gblɔ bena: Yehowa, neva me!


Eye wòto woƒe numegbe la nɛ bena: Miede anyigba, si dzi nedɔ mí ɖo la dzi; notsi kple anyitsi bɔ ɖe edzi vava, eye edzi kutsetsewo hã enye si;


Elabena medi tso dziƒo va, menye bena mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, negbe amesi dɔm da la ƒe lɔlɔ̃nu ko.


gbemagbe mekɔ nye asi dzi na wo, ne makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi ayi anyigba, si medi da di na wo la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo; anyigba nyuitɔ wònye le anyigbawo katã dome.


Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahaɖe bubu eŋu.


Yehowa ƒe ɖɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.


Gbemagbe Yehowa kplɔ Israel-viwo ƒe amehawo tso Egipte-nyigba dzi.


eye nètsɔ anyigba sia na wo, si ŋu nèka atam ɖo na wo fofowo be, yeatsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi ba ɖo la, na wo.


amesiwo gblɔna be: Míaƒe aɖewo doa ŋusẽ mí, míaƒe nuyiwo li kpli mí, ameka nye aƒetɔ de mía nu?


Eye naŋlɔ se sia ƒe nyawo katã de wo dzi gbesigbe neva tɔa godo, bena nade anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ do, abe alesi Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la, do ŋugbe na wò ene.


Ne Yehowa, wò Mawu, akplɔ wò ava anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwo la dzi, eye wòanya dukɔ geɖewo ɖa le ŋgɔwò: Xititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo, dukɔ adre, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò,


Tete Yehowa ɖi va anyi, be yeakpɔ du kple mɔ̃ kɔkɔ, si amegbetɔviwo le tutum la ɖa.


Eye amea ɖeke melia yi dziƒo kpɔ o, negbe amesi ɖi tso dziƒo va ko, eyae nye Amegbetɔvi, si le dziƒo.


Abe alesi dzo fiãa nakeyɛ, eye dzo nana tsi fiẽna wlɔwlɔwlɔ enee ɖe, ne naɖe wò ŋkɔ afia dukɔwo, eye dukɔwo katã nadzo nyanyanya le ŋkuwò me,


Dzra se, siwo maɖe na wò egbe la ɖo. Kpɔ ɖa, manyã Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le ŋgɔwò.


Eyata maɖi ayi, ne makpɔ bena, nya, siwo katã sem mele le wo ŋuti la, le eme loo, alo mele eme o, ne manya.


Gake hã mava wɔ fu dukɔ, si subɔm wole la, eye le esia megbe la woatsɔ kesinɔnu geɖewo adzoe.


Eye esi nèkpɔ be, eƒe dzi ɖi anukware le ŋkuwò me la, èbla nu kplii, be yeatsɔ Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba ana eƒe dzidzimeviwo, eye nèwɔ wò nya dzi, elabena dzɔdzɔetɔ nènye.


Eye Yehowa ana wò kesinɔnuwo kple wò dɔmevi, wò lãwo ƒe viwo kple wò agblemenukuwo nasɔ gbɔ ɖe dzi le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò la dzi.


Mina míaɖi ayi afima, ne míatɔtɔ woƒe gbe, bena amea ɖeke nagase nɔvia ƒe gbe o!


Eye mekplɔ mi va anyigba wɔnu dzi, be miaɖu eƒe kutsetsewo kple eƒe nu nyuiwo; ke miawo mieva hedo gu nye anyigba la, eye mietsɔ nye domenyinu la wɔ ŋunyɔnui.


Esi fia, siwo katã le towo dzi, gbadzaƒe kple ƒu gã la ŋu le Libanon kasa le Yordan ƒe go keme dzi, siwo nye Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo see la,


mitrɔ miaho, eye miayi Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, miayi woƒe aƒelika, siwo le tagba, towo dzi kple gbadzaƒe, dzíehe kpakple ƒu ŋu la Kanaanitɔwo ƒe anyigba dzi la gbɔ, eye miaɖo ta Libanon gbɔ ava se Frat tɔsisi gã la nu.


alesi anyigba, si dzi wole la le, enyo loo alo menyo o; kpakple alesi du, siwo me wole la le, agbadɔ me ko wole loo, alo mɔ̃ sesẽwo me wole;


Eye wògblɔ na Abram bena: Nyae, naganyae bena, wò dzidzimeviwo anye amedzrowo le anyigbaa ɖe, si menye wo tɔ o la dzi, eye woasubɔ anyigba ma dzi tɔwo, eye woamawo ate wo ɖe anyi ƒe alafa ene sɔŋ.


Nye ŋutɔ mayi Egipte kple wò, eye ye ŋutɔ magakplɔ wò agbɔe; ke Yosef ahe wò ŋkuyiwo akpe.


Elabena tso esime meva Farao gbɔ, eye meƒo nu le wo ŋkɔa me la, azɔ gɔ̃ wòle ŋuta sẽm le dukɔ la ŋu; ke wò la meɖe dukɔ la kpɔ o.


Eye le ƒe alafa ene blaetɔ̃ megbe, le ŋkeke ma dzi tututu Yehowa ƒe amehawo katã ʋu tso Egipte-nyigba la dzi.


Eyata Israel see, lé wo me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi, ne wòanyo na wò, eye nadzi ɖe dzi le anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, abe alesi Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la, do ŋugbe na wò ene.


Mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, eye mena miezɔ gbe dzi ƒe blane, ne miaxɔ Amoritɔwo ƒe anyigba.


Tete wo fofo Israel gblɔ na wo bena: Ne ele alea la, ekema miwɔ ale: Mitsɔ anyigba dzi nu vevia ɖewo de miaƒe kotokuwo me yi ɖana ŋutsu la: lifi kple anyitsi via ɖe, ami ʋeʋẽ, kotoklobo, ayedee kple newo.


Eye megblɔ na mi bena: Mixɔ woƒe anyigba la wòanye mia tɔ, eye matsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, ana mi wòazu mia tɔ. Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si tia mi tso dukɔwo dome.


Milé ŋku ɖe alesi anyigba la le kple dukɔ, si le edzi la ŋu, abe wo kako alo wo beli, wole ʋee alo wosɔ gbɔ ene;


Elabena ƒe blane sɔŋ Israel-viwo zɔ gbedzi, vaseɖe esime aʋawɔla, siwo le dukɔ blibo la dome la ku, elabena womeɖo to Yehowa ƒe gbe o, eye Yehowa ka atam na wo bena, womakpɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na wo fofowo be, yeatsɔ na mí, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la o.


Tete Israel-ŋutsuwo gblɔ na Xiwitɔwo bena: Ɖewohi miele mía dome; aleke wo hafi míabla nu kpli mi?


Xiwitɔwo, Arkitɔwo, Sinitɔwo,


Yehowa be: Metso azɔ le ŋutasesẽ le hiãtɔwo ŋu kple ame dahewo ƒe hũɖeɖe ta, eye mahe xɔname vɛ na amesi le eyome dim la.


vaseɖe esime mava akplɔ mi ayi anyigba, si le abe mia to ene la dzi, anyigba, si dzi bli kple wein le, anyigba, si dzi abolo kple atibɔwo te.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite