Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 3:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye wògblɔ bena: Megale va afisia o, ɖe wò atokotawo le afɔ; elabena anyigba, si dzi nèle la, teƒe kɔkɔee!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Mawu gblɔ nɛ be, “Mègate va afi sia o. Ɖe wò afɔkpawo da ɖi, elabena anyigba kɔkɔe dzie nèle tsitre ɖo.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 3:5
12 Referans Kwoze  

Yehowa ƒe aʋafia la gblɔ na Yosua bena: Ɖe wò atokota le afɔ, elabena teƒe, si nèle tsitre ɖo la, teƒe kɔkɔe! Tete Yosua wo nenema.


Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: „Ɖe atokotawo le wò afɔ; elabena afisi nèle tsi tre ɖo la, anyigba kokoe ye.


Ɖo liƒo na dukɔ la godoo, eye nagblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, be amea ɖeke nagalia to la alo ade enu akɔ asi eŋu o. Amesiame, si aka asi toa ŋu la, ku ke wòaku!


Wò nu megatsɔ blablabla o, eye wò dzi megatsɔ, ne wòaƒo nu le Mawu ŋku me o; elabena Mawu le dziƒo, eye wòa nèle anyigba, eyata wò nyawo nenɔ ʋee.


Elabena womete ŋu nɔ te ɖe sedede la nu o: Ne lã hã ka ŋu toa la, woaƒu kpee;


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ɖi yi ɖaxlɔ̃ nu dukɔ la bena, womegagbɔ liƒo la me, ava Yehowa gbɔ, nu kpo ge o, elabena wo dometɔ geɖewo ava ku.


Eye Mose gblɔ na Aron bena: Ke esia gblɔm Yehowa le enye sia bena: Maɖe ɖokuinye afia amesi te ɖe ŋunye la, abe kɔkɔetɔ ene, eye maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔ blibo la ŋku me. Tete Aron zi kpi.


Eye mia ŋutɔwo miese gbe sia tso dziƒo, esime mieli kplii le to kɔkɔe la dzi.


Eye nakpa ati gbabɛ akpe ɖe wò aʋawɔnuwo ŋu, eye ne èle afɔdzi de ge la, natsɔe aɖe ɖoe, emegbe natsɔe axe ke ɖe edzi.


Woƒe amegã ado tso wo dome, eye wo dziɖula ado tso wo titina; mana woate va agogom, elabena amekae ado dzi, be yeate ɖe ŋunye ma? Yehowa ye gblɔe.


Eye Mose gblɔ Yehowa ƒe nya, siwo katã ta wòdɔe ɖo kple dzesi, siwo katã wòde esi la nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite