Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 3:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye Mose gblɔ na Mawu bena: Ne meva Israel-viwo gbɔ, eve megblɔ na wo be: mia fofowo ƒe Mawu dɔm do de mia gbɔ, eve woabiam bena eŋkɔ ɖee hã la, aleke maɖo ŋu na wòe?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Ke Mose biae be, “Ne meyi Israelviwo gbɔ, eye megblɔ na wo be, ‘Mia fofowo ƒe Mawue ɖom ɖa’ la, woabia be, ‘Mawu sia ŋkɔ ɖe?’ Ekema nya ka magblɔ na wo?”

Gade chapit la Kopi




2 Mose 3:13
16 Referans Kwoze  

ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.


Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.


Le eŋɔli woaɖe Yuda, eye Israel ana anyi bɔkɔɔ. Eye ŋkɔ, si woava nɛ la, enye: „Yehowa, míaƒe dzɔdzɔenyenye“.


Eyata Aƒetɔ la ŋuta ana dzesi mi: Kpɔ ɖa, ɖetugbi afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi ana ŋkɔe be „Mawu li kpli mí“.


Ameka lia yi dziƒo gaɖi va anyi? Ameka lɔ ya ɖe asiʋlo me? Ameka bla tsi ɖe avɔ me? Ameka ɖo anyigba ƒe mlɔenuwo katã tsitrenu? Eŋkɔ ɖe, eye aleke woyɔna na via? Enyaea?


Mawu gblɔ na Mose be: „Amesi menye, eyae menye,“ eye wògblɔ bena: Ale nagblɔ na Israel-viwo enye si: „Menye“ ye dɔm do ɖe mia gbɔ;


Eye wògblɔ bena: Womagayɔ wò be Yakob akpɔ o, ke boŋ Israel, elabena ete kame kple Mawu kpakple ame, eye nete ŋui.


„Kpo da, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be Imanuel, si gome ènye: Mawu li kpli mi.“


Eye Manoax gblɔ na Yehowa ƒe dɔla la bena: Ŋkɔwò ɖe? Bena ne wò nya la va me la, ne miaɖe bubu ŋuwò.


Tete nyɔnu la yi ɖagblɔ na srɔ̃a bena: Mawu ƒe amea ɖe va gbɔnye, ele abe mawudɔla ene, eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ, ke nyemebia afisi wòtso o, eye meyɔ eƒe ŋkɔ hã nam o.


Yehowa enye aʋawɔla, eŋkɔe nye Yehowa.


Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawu la, mia fofowo ƒe Mawu la, kɔ eƒe dɔla Yesu ŋuti, amesi miawo mietsɔ de asi, eye miegbe nu le egbɔ le Pilato ƒe ŋku me, esi ame ma tso afia bena, yeaɖe asi le eŋu.


Eye wògblɔ bena: Manɔ anyi kpli wò! Eye esia anye dzesi na wo bena, nyee dɔ wò: Ne èkplɔ dukɔ la dzoe tso Egipte la, ekema miasubɔ Mawu le to sia dzi.


esia nye nye ŋkɔ tegbee, eye nye ŋkɔ sia dzidzimewo katã woayɔ.


Eye nagblɔ nɛ bena: Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, dom ɖo ɖe gbɔwò, be yeagblɔ na wò bena: Ɖe asi le nye dukɔa ŋuti, ne wòaɖasubɔm le gbedzi! Ke meɖo to vaseɖe fifi o.


Eyata nye dukɔ adze si nye ŋkɔ gbemagbe be, nyee nye amesi le gbɔgblɔm be: Nyee nye si!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite