Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 29:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye natsɔ wɔ memee aƒo abolo maʋamaʋà kple aboŋgo maʋamaʋã, eye natɔ tatali maʋamaʋã akɔ ami ɖe dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 eye nàtsɔ abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã, abolo vivi si woblu kple ami kple akpɔnɔ siwo dzi wokɔ ami ɖo. Woatsɔ wɔ memi awɔ aboloawo kple akpɔnɔawo.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 29:2
14 Referans Kwoze  

kpakple kusi, si me nu maʋamaʋãwo le: aboŋgo, si wotsɔ wɔ memee ƒoe, kple akaklã, si dzi wokɔ ami ɖo; emegbe wòatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe wo ŋu.


Eyata mitsɔ amɔwɔ ʋaʋã xoxo la ƒu gbe, bene mianye amɔwɔ yeye, abe alesi míenye amɔwɔ maʋamaʋã ene; elabena wowu míaƒe ŋutitotolẽvi, si nye Kristo la hã.


Ne amesi ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu, lu eƒe ta, si ŋu ka la, ekema nunɔla la natsɔ agbo la ƒe abɔ, si woɖa, kple aboŋgo maʋamaʋã ɖeka kpakple akaklã ɖeka le kusi la me ade asi me nɛ.


Emegbe wotsɔ akaklã ɖeka, aboŋgo ɖeka kple tatali ɖeka le kusi, si me nu maʋamaʋãwo le le Yehowa ŋku me la me, heda ɖe amiawo kple ɖusita la dzi,


Kplɔ nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, eye natsɔ awuawo, ami sisi la, nuvɔ̃vɔsa-nyitsu la, agbo eveawo kpakple kusi, si me nu maʋamaʋãwo le,


Nenye kafukafu tae wòbe, yeasa vɔ ɖo la, ekema wòatsɔ aboŋgo maʋamaʋã, akaklã, si dzi wokɔ ami ɖo, kpakple wɔ memee, si wodzaba kple ami hetsɔ tɔ tatali la, akpe ɖe eƒe kafukafuvɔsalã la ŋu.


Eye nuɖuvɔsa, siwo katã woɖe amii alo wole ɣeɣe la, nye Aron viŋutsuwo dome ɖesiaɖe tɔ.


Kɔ ami ɖe edzi, eye natsɔ dzudzɔdonu akpe ɖe eŋu, elabena nuɖuvɔsae.


Eye natsɔ abolo bɔbɔ ɖeka, aboŋgo ɖeka kple tatali ɖeka, siwo nye nu maʋamaʋãwo le Yehowa ŋku me la, le kusia me,


Woame lã la aɖu le zã ma me, eye woatsɔ abolo maʋamaʋã kple ama veve adoe.


Tsɔ wo de kusi me, eye woatsɔ woa kple kusi la vɛ, eye nakplɔ nyitsu la kple agbo eveawo vɛ.


Esia enye vɔ, si Aron kple viaŋutsuwo asa na Yehowa le gbesigbe wòsi ami nɛ: Wɔ memee eta ƒe mamã ewoliawo ɖeka woatsɔ asa nuɖuvɔe gbesiagbe; woatsɔ wɔ la ƒe afã asa vɔe le ŋdi, eye afã le fiẽ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite