Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 28:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye natsɔ kpe eveawo aɖo kɔmewu la ƒe abɔtawo, hena ŋkuɖoɖo Israel-viwo dzi, eye ŋkɔawo nanɔ Aron ƒe abɔta le Yehowa ƒe ŋku me abe ŋkuɖoɖodzi ƒe dzesi ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Tsɔ kpe eveawo eye tɔ wo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi. Na Aron nakpla woƒe ŋkɔwo ɖe abɔta le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzi ene.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 28:12
23 Referans Kwoze  

Ne Aron yi kɔkɔeƒea la, Israel-viwo ƒe ŋkɔwo nanɔ eƒe dzi dzi le akɔtaɖonu, si enye nyametsonu la dzi, hena ŋkuɖoɖodzi le Yehowa ƒe ŋku me tegbee.


ekema migblɔ na wo bena: Elabena Yordan me tsia nu tso le Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ; esi wole Yordan tso ge la, tete Yordan me tsi la nu tso, eyata kpe siawo nye ŋkuɖodzinu na Israel-viwo tegbee do.


Eye Mose kple nunɔla Eleazar xɔ sikawo le amesiwo woɖo ame akpewo kple ame alafawo nu la si, eye wotso wo va Mawu ƒe agbadɔ la me, ne woanye ŋkuɖodzinu na Israel-viwo le Yehowa ŋku me.


Eye nada dzudzɔ donu ɖe agbakawo dzi, eya nanye nu ʋeʋẽe anɔ abolo la ŋu, woawo Yehowa ƒe dzovɔsae.


Ke esi eya kpɔe gã, eye wòvɔ̃ la, egblɔ bena: Nukae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ nɛ bena: Wò gbedodoɖawo kple wò dɔmenyowɔwɔwo yi dzi le Mawu ŋku me hena ŋkuɖoɖodzi.


be yeakpɔ nublanui na mía fofowo, eye yeaɖo ŋku yeƒe nubabla kɔkɔe,


Ede eƒe dɔla Israel dzi hena ŋkuɖoɖo nublanuikpɔkpɔ dzi;


Yerusalem, meɖo dzɔlawo wò gliwo dzi, amesiwo mazi ɖoɖoe ŋkeke blibo kple zã blibo o. Mi amesiwo ɖoa ŋku nu dzi na Yehowa, migagbɔ ɖe eme o!


Kpɔ ɖa, Mawu enye nye xɔname, dzi le ƒonye, nyemavɔ̃ o; elabena nye ŋusẽ kple nye hadzidzi enye Yehowa, ẽ, Yehowa, eye eya zu nye xɔname!


ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.


Elabena Yehowa tɔe nye míaƒe akpoxɔnu, eye míaƒe fia enye Israel ƒe kɔkɔetɔ la tɔ.


Woaɖe nu eve de kɔmewu la ƒe abɔtawo kple eve ŋu, bena woate ŋu akpee.


Eye wòanye dzesi na wò anɔ wò asi ŋu kple ŋkuɖodzinu anɔ wò ŋgonu, bena Yehowa ƒe se la nanɔ wò nu me, elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ wò tso Egipte.


Ŋkeke sia nanye ŋkuɖodzigbe na mi, eye mianɔ eɖum na Yehowa, wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo, be miaɖui tegbee.


eye esi wòda akpe le eta la, èŋe eme gblɔ bena: „Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã, si woŋe le mia ta; miwo esia, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.“


Kpekpalawo nakpae, eye ŋkɔɖelawo nata Israel-viwo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe eveawo dzi, eye woawɔ sika ɖe wo ŋu aƒo xlãe.


Eye wògblɔ le Benyamin ŋu bena: Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔe, anɔ egbɔ dedie, eya akpɔ edzi ɣesiaɣi, eye wòanɔ eƒe abɔta.


Vavã, malée ɖe abe, eye maxatsae ɖe ta abe atsyɔ̃ɖonu ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite