Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 28:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Kpekpalawo nakpae, eye ŋkɔɖelawo nata Israel-viwo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe eveawo dzi, eye woawɔ sika ɖe wo ŋu aƒo xlãe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Tsɔ ŋkɔsigɛ̃wɔnu ŋlɔ Israel ƒe vi wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe eveawo dzi. Wɔe abe ale si kpe xɔasi nuŋlɔla ŋlɔa nui ɖe ŋkɔsigɛ dzi la ene. Emegbe, nàtsɔ sika afa ɖe towo na kpeawo.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 28:11
16 Referans Kwoze  

Eye mekpɔ mawudɔla bubu le dodom tso ɣedzeƒe, eye Mawu gbagbe la ƒe nutrenu le esi, eye wòdo ɣli kple gbe gã ɖo ɖe mawudɔla ene, siwo wona ŋusẽe be, woawɔ vɔ̃ anyigba kple atsiaƒu la, wòle gbɔgblɔm bena:


Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.


Eye migawɔ nusi ave Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la o, amesi me wotre mia nu le hena xɔxɔ ƒe ŋkeke la.


amesi me miawo hã miele, esime miese nyateƒe la ƒe nya, si nye miaƒe xɔxɔ ƒe nyanyuie la, amesi me hã, esime miexɔ se la, wotre mia nu kple ŋugbedodo ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la le,


Elabena woafɔ ŋku adre ɖe kpe, si metsɔ ɖo Yosua ŋku me la dzi; kpɔ ɖa, ma-ŋlɔ nu ɖe edzi, eye maɖe anyigba sia ƒe voɖaɖa ɖa le ŋkeke ɖeka dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Yehowa be: Mefa ɖokuinye ƒe agbe: Ɖe wònye ŋkosigɛ nye Yuda-fia Xonya, Yoyakim vi la, le nye ɖusi la, anye ne maɖee aƒu gbe tso gama,


Eyome wode kɔsɔkɔsɔ eveawo ƒe nu eveawo gbo eveawo ŋu, eye wòtɔ gboawo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo le ŋgɔ.


agbaka enelia nye: krisolit, soham kple yaspis: eye wotsɔ sika ƒo fefeka ɖe wo ŋu ƒo xlã wo.


Wotsɔ sika ƒo fefeka ɖe soham-kpe eve ŋu, eye ŋkɔɖelawo ɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.


Eye natsɔ sika nyuitɔ awɔ ŋgoblanu, eye ŋkɔɖelawo nata nu ɖe dzi bena: „Kɔkɔea na Yehowa.“


Eyome nade kɔsɔkɔsɔ eveawo ƒe nu eveawo gbo eveawo ŋu, eye natɔ gboawo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo, le ŋgɔ.


Kpeawo nanɔ wuieve ɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo nu, eye ŋkɔɖelawo nata to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.


naɖe ŋkɔ ade ɖe kpe ɖeka dzi, eye ŋkɔ ade hã ɖe kpe evelia dzi ɖe woƒe toawo nu.


Eye natsɔ kpe eveawo aɖo kɔmewu la ƒe abɔtawo, hena ŋkuɖoɖo Israel-viwo dzi, eye ŋkɔawo nanɔ Aron ƒe abɔta le Yehowa ƒe ŋku me abe ŋkuɖoɖodzi ƒe dzesi ene.


woatsɔ ganuŋlɔnu aɖe wo ɖe agakpe dzi, eye woade wo me, kple tsumi!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite