Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 28:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye naɖe nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo le Israel-viwo dome ava gbɔwòe, bena woazu nunɔlawo asubɔm; Aron ŋutɔ kple viaŋutsuwo: Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 “Na woakplɔ nɔviwò ŋutsu Aron vɛ na wò tso Israelviwo dome kpe ɖe via ŋutsuwo Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar ŋu ale be woawɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 28:1
33 Referans Kwoze  

Ke mia kple viwòwo miawo nunɔladɔ la le vɔsamlekpui la gbɔ kple xɔmetsovɔ la godo. Ɖe metsɔ nunɔladɔ la na mi: ke ne ame tutɔa ɖe te va la, woawui.


Elkana viwo nye Amasai kple Aximot;


Eye Israel-viwo ho tso Beerot-Bene-Yaakan heva Mosera, afisi Aron ku ɖo, eye woɖii ɖe afima, eye via Eleazar zu nunɔla ɖe eteƒe.


Ke Nadab kple Abihu ku, elabena wotsɔ dzo bubu va Yehowa ŋku me.


amesi ƒe ana wɔlawo le ame akpe blaadre vo ene alafa ade.


Eye Mose gblɔ na Aron kple Eleazar kpakple Itamar, viaŋutsu, siwo susɔ ɖi bena: Mitso nuɖuvɔsa, si susɔ tso Yehowa ƒe dzovɔsa me la, eye miaɖui maʋamaʋãe le vɔsamlekpui la gbɔ, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wonye.


Eye Aron viŋutsuawo Nadab kple Abihu, tsɔ woƒe dzudzɔdosonuwo ɖe dzo ɖe me, eye woda dzudzɔdonu ɖe wo dzi, eye wotsɔ dzo bubu, si ŋu meɖe mɔ le na wo o la, va Yehowa ƒe ŋku me.


Kplɔ nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, eye natsɔ awuawo, ami sisi la, nuvɔ̃vɔsa-nyitsu la, agbo eveawo kpakple kusi, si me nu maʋamaʋãwo le,


atsyɔ̃ɖowuawo, bena woatsɔ asubɔ le kɔkɔeƒe, kple nunɔla Aron ƒe awu kɔkɔe susɔeawo kpakple viaŋutsuwo ƒe awuawo, bena woazu nunɔlawo asubɔm.


atsyɔ̃ɖowuawo kple nunɔla Aron ƒe awu kɔkɔeawo kpakple viaŋutsuawo ƒo awuwo, be woanye nunɔlawo asubɔ;


Eye nasi ami na Aron kple viaŋutsuawo awɔ wo kɔkɔe, bena woazu nunɔlawo asubɔm.


Makɔ agbadɔ la kple vɔsamlekpuia ŋu, eye makɔ Aron kple viaŋutsuawo ŋuti, bena woanye nunɔlawo asubɔm.


Bla ali dzi na wo, Aron ŋutɔ kple viaŋutsuawo, eye nabla tablanu la na wo, bena nunɔladɔ nazu wo to tegbee. Ale naɖo Aron kple viaŋutsuawo enye si;


Eye nusi nawɔ na wo, be nawɔ wo kɔkɔe, ne woazu nunɔlawo asubɔm la, enye si: Lé nyitsu ɖagbee ɖeka kple agbo eve, siwo sɔ blibo,


Ɖo atsyɔ̃ na nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, eye nasi ami na wo, aɖo wo, eye nawɔ wo kɔkɔe, bena woanye nunɔlawo asubɔm.


Esia megbe Mose kple Aron, Nadab kple Abihu kpakple Israel-me tsitsiawo dome ame blaadre la wolia to la,


Eye wògblɔ na Mose bena: Lia toa va Yehowa gbɔ, wò ŋutɔ kple Aron, Nadab kple Abihu kpakple Israel-me tsitsiawo dome ame blaadre, eye míado gbe ɖa le adzɔge.


Eye Aron ɖe Eliseba, Aminadab vinyɔnu, amesi nye Naxason nɔvinyɔnu, eye wòdzi Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar nɛ.


Ke eva me bena, esime wòle nunɔnɔdɔ wɔm le edzidzedze ƒe ŋkekeɖoɖo la nu le Mawu ƒe ŋku me


elabena Lewi-viwo gblẽ woƒe duwo kple woƒe anyigbawo ɖi heʋu va Yuda kple Yerusalem, elabena Yerobeam kple viawo nyã wo, be womaganye nunɔlawo na Yehowa o.


Metiae tso Israel-towo katã dome, be wòanye nunɔla nam, eye woate ɖe nye vɔsamlekpui la ŋu, woatso nu ʋeʋẽe ado dzudzɔe, eye wòado kɔmewu la le ŋkunye me, eve metso Israel-viwo ƒe dzovɔsawo katã na fofowò ƒe aƒe la


Aram viwo nye: Aron kple Mose, ewolia Aron, be wòakɔ eya kple viaŋutsuwo ŋu ne woanye ame kɔkɔetɔwo tegbee ne woaɖo dzudzɔ le Yehowa ŋku me, woasubɔe, eye woayra ame ɖe eƒe ŋkɔ dzi tegbee.


Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome eye Samuel le amesiwo yɔa eƒe ŋkɔ la dome. Woyɔ Yehowa, eye wòɖo to wo.


Esia nye Aron kple viaŋutsu wo ƒe gome le Yehowa ƒe dzovɔsa la me, gbesigbe woɖo nunɔladɔ me, be woasubɔ Yehowa,


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose gblɔ bena:


Elabena Yehowa, wò Mawu, da wo tso wò toawo katã me, bena woawo kple wo viwo nasubɔ le Yehowa ƒe ŋkɔ me ɣesiaɣi.


Eye Aron kple viaŋutsuwo doa dzo ɖe numevɔsamlekpui kple dzudzɔdovɔsamlekpui la dzi, woɖo wo hena kɔkɔefewo ƒe kɔkɔeƒe ƒe dɔwo katã, eye wòlé avu Israel le se, siwo katã Mawu ƒe dɔla Mose de la nu.


Aron ƒe aƒe, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu; woƒe xɔname kple akpoxɔnu wònye!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite