Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 27:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye nawɔ afilɔnuwo, sofiwo, zewo, gaflowo kple dzoɖesonuwo ɖe eŋu, eye natsɔ akɔbli awɔ eŋuti nuawo katãe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Tsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋunuwo, afilɔnuwo, sofiwo, gagbɛwo, gafluwo kple dzoɖesonuwo.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 27:3
17 Referans Kwoze  

kple zewo, sofiwo kple trewo. Nusiawo katã Xiram tsa akɔbli, si ŋu wozrɔ̃ la, wòe na fia Salomo hena Yehowa ƒe aƒe la.


zewo, sofiwo kple gaflowo. Eye Xuram-Abi tsɔ akɔbli, si ŋu wozrɔ̃, wɔ nusiwo katã kpe ɖe wo ŋu la, na fia Salomo hena Yehowa ƒe aƒe la.


Eye Xuram wɔ zewo, sofiwo kple trewo. Ale Xuram wu Mawu ƒe xɔ ŋu ɖɔ la nu na fia Salomo,


sika nyuitɔ ɖe gaflowo, ʋutrewo kple kpluwo kpakple sikagoeawo ŋu, alesi atu goe ɖesiaɖe nu; kple klosalo ɖe klosagoeawo ŋu, alesi atu goe ɖesiaɖe nu;


Eye fia ŋu asrafowo ƒe amegã la tsɔ sonuawo kple ʋutreawo, sikatɔwo kple klosalotɔwo siaa dzoe,


Eye Xiram wo zewo, sofiwo kple trewo, eye Xiram wu do blibo, si le Yehowa ƒe aƒe la ŋu la, wɔwɔ nu na fia Salomo:


Eyome woafɔ eŋu nu, siwo ŋu dɔ wowɔna la, aɖa ɖe dzi, afilɔnuawo, gafloawo, sofiawo, zeawo kple vɔsamlekpui la ŋu nuwo katã, eye woatsɔ nyogbalẽ abu wo dzi, eye woade kpoawo eŋu.


eye wòatsɔ sonu aɖe dzoka xɔxɔ le vɔsamlekpui la dzi le Yehowa ŋku me, eye woaku dzudzɔdonu, si wotsɔ atike ʋeʋẽe wɔe, eye wotoe memee la, asiʋlo eve ava xɔmetsovɔ la godo.


Eye wowɔ vɔsamlekpui ŋu nuawo katã, siwo nye: afilɔnuwo, sofiwo, zewo, gaflowo kple dzoɖesonuwo; akɔbli wòtsɔ wɔ eŋu nuawo katãe.


Eye Mose ku ʋu la ƒe afã ɖe ze me, eye wõhlẽ ʋu la ƒe afã ɖe vɔsamlekpui la ŋu.


Wɔ dzowo ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi; dzoawo nawɔ ɖeka kplii, eye nata akɔbli ɖe eŋu.


Eye tsɔ akɔbli wɔ adzralawo abe ɖɔ ene, eye natu akɔblisigɛ ene ɖe adzrala ŋu le eƒe dzogoe eneawo dzi.


Etsɔ sika nyuitɔ wɔ agbawo, hɛwo, ʋutrewo, gatsiwo kple nutɔgbawoe, eye wòtsɔ sika wɔ xɔ emetɔ, si nye kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la ŋu ʋɔtru kple dodonuxɔ la ƒe ʋɔtru ŋuti megbegawoe.


Wotsɔ zeawo, sofiawo, hɛawo kple treawo kpakple akɔblinuawo katã, siwo ŋu dɔ wòwɔna la, hã dzoe.


Nusiwo katã ŋu dɔ woawɔ le kpɔa me, nanye akɔbli; agbadɔ la ŋu tsyotiwo kple kpɔ la ŋu tsyotiwo katã nanye akɔbli.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite